Kristotɔ ƒe Agbenɔnɔ le Suku
1 Ne Kristotɔ sɔhɛ si le suku dem ye nènye la, ke èhiã na xɔse sesẽ be nàlé wò nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Hati vɔ̃ɖiwo kple nɔnɔme siwo ate ŋu ado wò xɔse kpɔ mee nèle. Ele vevie be nàwɔ ɖe Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be “miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene . . . le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.” (Pet. I, 2:12) Èhiã na dzideƒo kple tameɖoɖo kplikpaa be nàkpe akɔ kple gbetɔame sia.
2 Ne suku alo aƒemee nèle o, wotsɔa gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, yakanyagbɔgblɔ, atamanono, kple atike vɔ̃ɖiwo zazã siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi la ɖea fu na wòe. Èdoa go tetekpɔwo gbesiagbe si naa wò agbenyuinɔnɔ ɖoa afɔku me. Abe ame tsitsiwo ke ene la, ele be wò hã ‘nàʋli xɔse la ta’ be nàte ŋu ado dzi le dodokpɔ siawo me.—Yuda 3; kpɔ July 15, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ, (Vol. 112, No. 14) axa 23-6.
3 Woɖua dulɔlɔ̃zãwo kple xexeame ƒe ŋkekenyuiwo le suku. Ènya dukɔa kple subɔsubɔhawo ƒe ŋkekenyui siwo woɖuna le miaƒe sukua? Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, ɖe nàte ŋu ‘alé dzitsinya nyui me ɖe asi bene woado ŋukpe amesiwo do vlo wò agbenɔnɔ nyui laa’?—Pet I, 3:16.
4 Suku ƒe lãmesẽfefewɔwɔwo alo hadomenuwɔnawo ƒe dzodzro ate ŋu ate wò kpɔ. Ele be nànɔ ŋudzɔ ade dzesi alesi nuwɔna siawo siwo dze abe wodoa dzidzɔ na ame la ate ŋu ana nàna ta wò xɔsee. Ehiã be nàtia zɔhɛ siwo mia kpli wo miate ŋu ‘ade dzi ƒo na mia nɔewo,’ eye miatsɔ miaƒe xɔse atu mia nɔewo ɖoe.—Rom. 1:12.
5 Àte Ŋu Ado Dzi le Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu Me: Satana le wò xɔse dom kpɔ ɣesiaɣi. Dodokpɔ siwo me wòle be nàto la ate ŋu asesẽ, gake fetu siwo nàkpɔ la na wònyo be nàdo dzi. (Pet. I, 1:6, 7) Màte ŋu ado dzi le ɖokuiwò si o; ele be nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yesu ƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o.” (Mat. 26:41) Ameɖokuidzizizi kple ɖokuidziɖuɖu le vevie.—Kor. I, 9:27.
6 Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa abia akɔnta tso asiwò le wò agbenɔnɔ ŋu. (Nyagb. 11:9) Togbɔ be ɖewohĩ ame bubuwo makpɔ nusiwo nèwɔna o hã la, Yehowa ya nya nusiwo nèwɔna eye ele ʋɔnu drɔ̃ ge. (Heb. 4:13) Ele be didi vevie be nàdze eŋu naʋã wò be ‘nàtsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya awɔ wò ŋutɔ wò xɔxɔdɔe.’ (Fil. 2:12) Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe nye kpekpeɖeŋu gã aɖe. Aɖaŋuɖoɖo adodoewo kple kpɔɖeŋu nyui siwo nàsrɔ̃ la le eme fũ.—Heb. 12:1-3.
7 Dzilawo, miewɔa akpa vevi aɖe. Ehiã be mialé ŋku ɖe mia viwo ŋu, mianya kuxi siwo wodoa goe ahana kpekpeɖeŋu wo ne ehiã. Ðe ƒomedodo nyui le mia kple mia viwo domea? Ðe mieƒã Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo gɔmesese ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ɖe wo mea? Ne nyaƒoɖeamenu alo dodokpɔwo dze ŋgɔ viwòwo la, ɖe wosẽa ŋua, alo ɖe wonaa ta bɔbɔea? Ðe dzi ɖena le wo ƒo le esi wòle na wo be woato vovo tso wo hatiwo gbɔ taa? Esi mienye dzilawo ta la, agba le mia dzi be miakpe ɖe wo ŋu. (Mose V, 6:6, 7) Ne èwɔ wò dɔ nyuie la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woaɖu xɔse ƒe ʋiʋli la dzi.—Lod. 22:6.