Nɔviŋutsu Geɖe Wu Hiã Le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
1 Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míagba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Kor. I, 15:58) Le ame geɖe gome la, esia fia be woawɔ mɔɖeɖedɔa. Amesiwo ade 296 ye gava zu mɔɖelawo tso September ƒe 1995 vaseɖe March le ƒe sia me!
2 Fifia la, amesiwo nye mɔɖelawo le dukɔ sia me dometɔ akpa gãtɔ nye nɔvinyɔnuwo. (Ps. 68:12) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye na hamea ne nɔviŋutsu geɖe wu va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo! (Ps. 110:3) Eme kɔ be ele be nɔviŋutsu geɖe nakpɔ dɔwɔna kple ƒome gbanɔamedzi kpekpewo gbɔ. Wo dometɔ aɖewo hã dzea agbagba kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Míekpɔ ŋudzedze ɖe ŋutsu siawo siwo kua kutri ɖe Fiaɖuƒea ta la ŋu.—Tim. I, 4:10.
3 Togbɔ be ele alea hã la, ɖe mi nɔviŋutsuawo dometɔ geɖe wu ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Ne srɔ̃wò le mɔɖeɖedɔa wɔm la, ɖe nàte ŋu awɔe kpliia? Ne èxɔ dzudzɔ le dɔ me la, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔe nye mɔ si dzi nàzã wò ɣeyiɣia toe be wò dzi nadze eme wu oa? Ne fifiae nèle suku nu wum la, ɖe nède ŋugble hedo gbe ɖa vevie le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu be wòanye nusi aʋu mɔnukpɔkpɔ bubuwo ɖi na wòa?—Ef. 5:15-17.
4 Nɔviŋutsu aɖe dzra eƒe dɔwɔƒe si me wònɔ ga geɖe kpɔm tsoe eye wòva nɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ wɔm kple susu be yeate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Esi wòxɔ ŋgɔ nyuie ta la, eƒe vi eneawo dometɔ etɔ̃ va zu mɔɖelawo esi wodo le suku teti. Enelia di vevie be yeawɔe kpli wo. Woyra nɔviŋutsu sia kple eƒe ƒomea geɖe ŋutɔ.
5 Ʋɔtru Gã aɖe le Ʋuʋu Ði: Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu aʋu “ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe” ame la ɖi. (Kor. I, 16:9) Woate ŋu azã nɔviŋutsu siwo nye mɔɖelawo le mɔ geɖe ŋutɔ nu le hamea me. Gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe dzia woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe edzi eye wònaa wowɔa teokrasiŋgɔyiyi. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu aʋu subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ƒe mɔ ɖi. Ne wowɔ mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka vɔ la, enye yayra be woade Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku. Subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemegã maɖesrɔ̃wo ate ŋu ado vevie nu ade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku. Woate ŋu abu srɔ̃tɔ siwo dze ŋu hena mɔɖela vevi alo nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa wɔwɔ. Ẽ, mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ʋua mɔ ɖe subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã siawo ŋu le Yehowa ƒe habɔbɔa me.
6 Nɔviŋutsu siwo ate ŋu awɔ ɖoɖo awɔ mɔɖeɖedɔa ate ŋu akpɔ dzidzɔ gã si dona tsoa nu geɖe wu nana me.—Dɔw. 20:35.