INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/96 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 11/96 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le November me. Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe atrɔ yi amesiwo xɔe gbɔ kple susu be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. December: New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1984 si ɖewohĩ anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ mawo mele o ate ŋu ana Survival Into a New Earth. February: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? alo Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! Miate ŋu ana axa 192-gbalẽ xoxo bubu ɖesiaɖe si le mia si ɖe eteƒe.

◼ Hame siwo si Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 Lia gale la nade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woamã wo abe alesi míezãa trakt bubuwoe ene, tso aƒeme yi aƒeme alo le teƒe bubuwo. Ne wowɔnɛ le mia gbɔ la, ke gbeƒãɖelawo ate ŋu agblẽ ɖe ɖe aƒea me na amesiwo katã meli o, woakpɔ egbɔ be madze amesiwo tso eme va yina nakpɔ o. Midze agbagba miamã gbedasi xɔasi sia kpɔtɔea keŋkeŋ.

◼ Míexɔ nyatakaka geɖe be Mídzi Kafukafuhawo na Yehowa ƒe compact disc aɖewo mele ƒoƒom nyuie o. Enuenu la, ha mamlɛtɔ alo eve ŋu koe nu gblẽna le le CD la dzi, afisi wòtsoa ha la ɖi le alo gbea ƒoƒo kura. Míekpɔe be ɖi si léna ɖe disc la te le eto gbɔe wòtsona. Ne ɖia mesɔ gbɔ o la, miate ŋu atsɔ tsi si me dza aklɔe. Ne ɖia lé ɖi hegbe dodo la, miate ŋu atsɔ tsi dzodzoe kple tsidzalẽ (detergent) aklɔ disc lae. Miwɔe blewu be disc la dzi magaƒlɔ o. Miʋuʋu disc la be tsi si le eŋu nado eye miana ya naƒo ɖee wòaƒu. Migatsɔ nulólotike (solvent) alo pepa klɔ disc lae o. Kpɔ mɔfiameawo le “How to Care For Your Compact Discs” si wota kpe ɖe Sing Praises to Jehovah—On Compact Disc ŋu dzi.

◼ Agbalẽ Siwo Gava:

Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (suetɔ)—Eŋlisigbe, Twi

New World Translation of the Holy Scriptures—Míaƒe (bi12)

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:

Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii (Si wotu ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9-24 dzi.)—Eʋegbe, Gɛgbe, Twi

◼ Videokasɛt Yeye Siwo Li:

Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name—Eŋlisigbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe