Kpe Ðe Amesiame Ŋu be Wòade Gbeadzi Ðaa
1 Esi xexe xoxo sia me nyaƒoɖeamenuwo nu le sesẽm ɖe edzi la, alɔgblɔlɔwɔwɔ le gbɔgbɔ me ƒe afɔkua dzina ɖe edzi. Nyatakakawo ɖee fia be gbeƒãɖela geɖe mewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖaa o, eye ame ʋee aɖewo ya dzudzɔ kura. Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka aɖe ɖee fia nyitsɔ laa be gbeƒãɖela 71 siwo le hame aɖe me dometɔ 22 medea gbeadzi ɖaa o! Nukae ana ɣleti blibo nava yi si womakpɔ gome le dɔ vevi sia wɔwɔ me o?
2 Nusiwo gbɔ wòtsona dometɔ aɖewoe nye lãmegbegblẽ vevie, gbeadzisubɔsubɔdɔa hehe ɖe megbe wòaɖo keke ɣletia ƒe nuwuwu ke esime nuɖiɖeamewo te ŋu wɔnɛ be womete ŋu yia gbeadzi o, ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, kple hiahiã kpata ƒe susu ƒe amesimanɔmanɔ le alesi Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu gogoe ŋu. (Kor. II, 4:7; Pet. II, 3:11, 12) Nuka ke gbɔe wòɖatso o, míedi be míakpe ɖe amesiame ŋu wòade gbeadzi ɖaa.
3 Nusi Míate Ŋu Awɔ: Ne míena wònɔ susu me na mí be amewo ƒe agbe ŋue nyaa ku ɖo la, akpe ɖe mía ŋu míazã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe atsɔ agblɔ Biblia me nyateƒeawo na ame bubuwo. (Rom. 10:8-10) Mele be míagbe agbenya la gbɔgblɔ na amesiwo míedoa goe le mɔzɔzɔ me la o. Ðoɖowɔwɔ akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le ɣleti ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze teti kpɔa gbeadzimayimayi ɖaa ƒe kuxia gbɔ.—Nyagb. 11:6.
4 Nusi Ame Bubuwo Ate Ŋu Awɔ: Nusi hiã ɣeaɖewoɣi koe nye dzideƒoname. Amesiame ƒe dɔe wònye be wòade dzi ƒo nɔvia. (Heb. 10:25) Mí katã míate ŋu ade amesiwo meyia gbeadzi ɖaa o míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖowo me. Ne amesiawo dze dɔ alo wodzi vi yeyee la, míate ŋu akpe Biblia-nusrɔ̃vi aɖewo ayi woƒe aƒemee ale be woawo hã nate ŋu akpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me be womagava zu gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi ɖaa o.
5 Hamemegãwo nadze agbagba anya nɔnɔme si me hamea me tɔwo katã le kple woƒe nuhiahiãwo ale be woate ŋu akpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. (Lod. 27:23) Le hamemegãwo ƒe kpekpewo me la, ele be woade dzesi amesiwo va zu gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi ɖaa o eye woalé ŋku ɖe alesi woakpe ɖe wo ŋui ŋu.
6 Ɣleti sia ɣleti la, ele be agbalẽŋlɔla la natsɔ amesiwo mebu gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔnta o ƒe ŋkɔ ana Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo, ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo kaba. Nusɔsrɔ̃dzikpɔla la naɖo dze dɔmenyotɔe kple amesiwo medea gbeadzi ɖaa o be wòanya nusi anɔ mɔ xem na wo eye wòawɔ ɖoɖo eya ŋutɔ nawɔ dɔ kpli wo alo wòana gbeƒãɖela bibi bubu alo mɔɖela aɖe nawɔ dɔ kpli wo. Anyo hã be wòaɖo aɖaŋu nyuiwo na wo le alesi woawɔ ɖoɖowɔɖi si asɔ ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo nu ŋu. Woɖo aɖaŋu bubuwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1992, tɔ ƒe axa 7 lia.
7 Ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ azã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe aɖe gbeƒã nyanyuia. Esia wɔwɔ, kple míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu tsɔtsɔ na kaba le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu, ana míanye amesiwo dea gbeadzi ɖaa.—Kor. I, 15:58.