INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/97 axa 7
  • Ƒe 1998 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 1998 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 12/97 axa 7

Ƒe 1998 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku

Be woaxɔ hehe le suku gɔmee nye “nu tɔxɛ aɖe fiafia ame alo aɖaŋudɔ aɖe tsɔtsɔ mlã amee.” Woto Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi tsɔ Mawu ƒe nunya le mía hem ɣesiaɣi. Azɔ hã míaƒe gomekpɔkpɔ le suku sia me ʋua mɔ na mí be míatu míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia ɖaŋuwo ɖo. Ƒe 1998 ƒe suku ɖoɖowɔɖia aʋu mɔnukpɔkpɔ geɖe ɖi na mí be míagawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi geɖe.

Ne èle ƒe si gbɔna ƒe suku ɖoɖowɔɖia me tom la, àkpɔe be ɣeaɖewoɣi la, Dɔdasi 3 Lia nɔ te ɖe Biblia me me aɖe si ƒe nya le Insight ƒe bablaawo me dzi. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa kpe ɖe ƒe 1998 ƒe nusrɔ̃ɖoɖoa ŋu, eye woadzro eme le Dɔdasi 3 Lia kple 4 Lia me ɖe ɖoɖo nu. Ɣesiaɣi si Dɔdasi 4 Lia anɔ te ɖe Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa dzi la, ele be nɔviŋutsu nawɔe wòanye nuƒo na hamea. Eye míele ŋku ɖom edzi be, mele be ame aɖeke nagbɔ game dzi le sukua me o.

Nu Yeye Aɖe: Wode “Biblia Xexlẽ ƒe Ðoɖowɔɖi Bubu” kpɔtɔtɔ me ɖe kwasiɖaa ƒe hadzidzi yome tututu hena míaƒe viɖe. Togbɔ be wometu kwasiɖa la ƒe suku ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖeke ɖe edzi o hã la, wɔe wò taɖodzinui be yeazɔ ɖe edzi. Esia akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ gbesiagbe nava zu numãme na wò ne mèle ewɔm haɖe o.

Ne èdi numeɖeɖe bubuwo le dɔdasiwo, aɖaŋuɖoɖo, kple nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔwo ŋu la, taflatse xlẽ mɔfiame siwo le “Ƒe 1998 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖi” me kpakple October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3 lia.

Ne mèŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me haɖe o la, míele kpewòm be nàŋlɔ ŋkɔ fifia. Suku tɔxɛ sia kpɔtɔ le akpa vevi aɖe wɔm le hehe nana Yehowa subɔla ɖokuibɔbɔla siwo tsɔ wo ɖokui na la me be woasu te ɖe edzi wu anye eƒe dɔtsɔlawo.—Tim. I, 4:13-16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe