Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Benin: Gbeƒãɖela 5,331 ye bu akɔnta le November me, eye eyae nye woƒe gbeƒãɖelawo ƒe dzidziɖedzi si tsiã ɖe enu 59 lia.
Cyprus: Woƒe gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi alafa memamã 2 le November me si na wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye gbogbotɔ kekeake si nye ame 1,758. Wokpɔ gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dzidziɖedzi yeye gbogbotɔ hã esi ame 136 wɔ mɔɖeɖedɔa.
India: Wokpɔ ŋgɔyiyi nyui le gbeƒãɖeɖedɔa me le November me esi gbeƒãɖela 18,077 bu gbeadzisubɔsubɔkɔnta. Esiae nye woƒe dzidziɖedzi si tsiã ɖe enu 39 lia.
Liberia: Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ esi ame 2,120 bu akɔnta le November me.
Solomon Islands: Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye gbogbotɔ esi ame 1,393 bu akɔnta le November me.
Taiwan: Gbeƒãɖelawo ƒe mamã dedie va ɖo fifia le subɔsubɔƒe sia mee nye ame 3,516, eye esia nye dzidziɖedzi 6 le alafa me ɖe ƒe si va yi me tɔ dzi.