Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Teokrasi Subɔsubɔ Suku Dzikpɔla
1 Teokrasi Subɔsubɔ Suku Dzikpɔla nye amesi tsi le gbɔgbɔ me si dzea agbagba le nuƒo kple nufiafia me eye edze be míatsɔ bubu nɛ ahawɔ dɔ kplii aduadu. (Tim. I, 5:17) Nukawoe nye eƒe agbanɔamedziwo?
2 Eƒe dzikpɔkpɔ tee Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpataa me la le. Edina vevie be yeade dzi ƒo na amesiwo katã dze be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me. Ekpɔa egbɔ be nuŋlɔɖi nyui li ale be woana dɔdasiwo ɖe ɖoɖo nu kwasiɖa etɔ̃ ya teti do ŋgɔ na sukua wɔɣi ɖesiaɖe. Ele be wòanya hamea nyuie, eye sukuvi ɖesiaɖe kple eƒe ŋutete nanɔ susu me nɛ. Togbɔ be nɔviŋutsu bubu akpe ɖe eŋu le sukua ƒe ɖoɖowɔɖiwo wɔwɔ me hã, dzikpɔlaa ŋutɔ ƒe ŋkumee dɔwo dede asi na amewo kpɔ.
3 Be dzikpɔlaa nate ŋu afia nu nyuie la, ele be wòadzra ɖo nyuie kwasiɖa sia kwasiɖa, eye wòasrɔ̃ dɔdasiawo nyuie. Esia kpena ɖe eŋu be wòte ŋu dea dzo hamea me ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, ete ŋu nyana ne wowɔ dɔdasiawo pɛpɛpɛ, eye wòtɔa asi nyati vevi siwo adze le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔ me dzi.
4 Le sukuvi ɖesiaɖe ƒe nuƒo megbe la, dzikpɔlaa kafua sukuvia heɖea nusita nuƒoa ƒe nɔnɔme aɖe nyo alo nusitae wòle be woagatrɔ asi le eŋu la me. Ne ame aɖe hiã kpekpeɖeŋu le eƒe dɔdasi dzadzraɖo me la, dzikpɔlaa alo amesi wòtia ate ŋu ana kpekpeɖeŋu.
5 Be míate ŋu akpɔ viɖe blibo tso Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla kple aɖaŋuɖola bubu siwo subɔna le eƒe dzikpɔkpɔ te ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ me la, ele be míade sukua edziedzi. Ele be míawɔ míaƒe dɔdasiwo katã ahatsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna kple esiwo wonaa sukuvi bubuwo ade dɔwɔna me. Esia ana míatu ŋutete si míetsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme ɖo ɖe edzi ɣesiaɣi.—Dɔw. 20:20; Tim. I, 4:13, 15.