Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le November me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. December: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana True Peace and Security—How Can You Find It? February: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona.
◼ Mɔzɔzɔ yi duta ƒe mɔnukpɔkpɔwo bɔ le ƒe siawo me. Esia ta mía nɔvi geɖe wɔ ɖoɖo be yewoaɖi tsa ayi dukɔ bubuwo me. Zi geɖe la, wobiaa nyatakakawo tso Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo gbɔ. Adzɔ dzi na alɔdzedɔwɔƒewo be woakpe ɖe ameawo ŋu atsɔ Fiaɖuƒe Akpatawo ƒe adrɛs kple kpekpeɣiwo ana wo be woakpɔ hame siwo le afima. Azɔ hã woate ŋu ana mɔfiame wo tso alɔdzedɔwɔƒea sasrãkpɔ ŋu. Gake nyatakakawo ɖee fia be nɔviwo gabiaa nya bubu geɖe tsoa mɔzɔɖoɖowo, xɔnyawo, modzakaɖetsaɖiƒewo, kple nya mawo tɔgbe ŋu. Alɔdzedɔwɔƒewo menya nu le nyatakaka siawo tɔgbe ŋu o, eye vovo mele wo ŋu woadi woƒe ŋuɖoɖowo na wo o. Míele dzi dem ƒo na tsaɖilawo be woabia nya siawo dɔwɔƒewo abe mɔzɔzɔ ŋuti ɖoɖowɔlawo, alo tsaɖimɔzɔha ene siwo naa nyatakaka modzakatsaɖilawo koŋ.
◼ Nɔviwo ŋlɔa lɛta enuenu na Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le duta be woadi xɔlɔ̃wo na yewo yewoanɔ lɛta ŋlɔm na yewo nɔewo. Ame bubuwo hã biana be woaɖo agbalẽ, kasɛt, kple nu bubuwo ɖe yewo femaxee. Míele biabiam tso nɔviwo si be woadzudzɔ. Ame ŋutɔ ƒe nya siwo mele be woatsɔ aɖe fu na Habɔbɔa kple eƒe alɔdzedɔwɔƒewo o ye esiawo nye koŋ.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Watchtower Publications Index 1997
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Agbalẽ Si Nyo Na Amesiame —Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twigbe
Nukae Mawu Di tso Mía Si? —Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twigbe
Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? —Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twigbe
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Vavãa? —Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twigbe
Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Gãtɔ) —Eŋlisigbe
◼ Kasɛt Siwo Li:
Kasɛtkotoku ƒuƒlu