INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/98 axa 1
  • Wokpɔnɛ Be Míeto Vovo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wokpɔnɛ Be Míeto Vovo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Yehowae Le Mɔ Fiam Eƒe Habɔbɔa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðee Fia Be Yenye Kristo Yomedzela Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 12/98 axa 1

Wokpɔnɛ Be Míeto Vovo

1 Le ƒe si va yi me la, ame yeye siwo wu 300,000 ye xɔ nyɔnyrɔ va kpe ɖe mía ŋu. Nukae amesiawo kpɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu si ʋã wo wodi be yewoanye Mawu ƒe habɔbɔa me nɔlawo? Nukatae míeto vovo tso subɔsubɔha bubuwo katã gbɔ? Ŋuɖoɖo ɖedzesi aɖewoe nye si:

​—Biblia ŋue míeku ɖo ke menye ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nukpɔsusu ŋu o: Míesubɔa Yehowa Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me,” abe alesi Yesu Kristo gblɔ be míasubɔe ene. Esia bia be míatsri alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo ahawɔ ɖe Mawu ƒe Nya si wòŋlɔ ɖi la dzi.—Yoh. 4:23, 24; Tim. II, 3:15-17.

​—Míeyia amewo gbɔ tsɔ wu be míalala be woawo nava mía gbɔ: Míexɔ dɔ si Kristo de mía si be míaɖe gbeƒã ahafia nu, eye míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu le dzi anukwaretɔwo didi me. Míedia wo le woƒe aƒewo me, le mɔdodowo dzi, alo afisiafi si míakpɔ wo le ko.—Mat. 9:35; 10:11; 28:19, 20; Dɔw. 10:42.

​—Míefiaa Biblia amesiame femaxee: Míezãa míaƒe nunɔamesiwo kple ŋusẽ faa, hetsɔa gaƒoƒo si wu biliɔn ɖeka wɔa Mawu ƒe subɔsubɔdɔae ƒe sia ƒe. Míesrɔ̃a Biblia kple amesiame ƒomevi, ameŋkumemakpɔmakpɔe.—Mat. 10:8; Dɔw. 10:34, 35; Nyaɖ. 22:17.

​—Wona hehe mí nyuie be míakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me: Míetoa mía ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple mɔfiame si wonaa mí le hamea ƒe kpekpewo, takpekpe sue kple gãawo me xɔa teokrasi nufiame xɔasi ɣesiaɣi, si kpena ɖe mía ŋu míete ŋu ɖea gbɔgbɔmenuwo me na amewo.—Yes. 54:13; Tim. II, 2:15; Pet. I, 3:15.

​—Míetsɔ nyateƒea nu vevii, hewɔa eŋudɔ le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me: Le lɔlɔ̃ si le mía me na Mawu ta la, míewɔa tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me wòsɔna kple eƒe lɔlɔ̃nu. Míaƒe amenyenye yeyea si ɖi Kristo tɔ hea amewo ɖe nyateƒea ŋu.—Kol. 3:9, 10; Yak. 1:22, 25; Yoh. I, 5:3.

​—Míedzea agbagba be míanɔ anyi awɔ dɔ kple amewo le ŋutifafa me: Mawu me nɔnɔme siwo míetuna ɖo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ míaƒe nuwɔnawo kple nuƒo dzi nyuie. ‘Míedia ŋutifafa, eye míetia eyome’ le amewo katã dome.—Pet. I, 3:10, 11; Ef. 4:1-3.

2 Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu si amewo kpɔna le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ʋãa ame geɖe be woaxɔ nyateƒea. Neva eme be kpɔɖeŋu si míeɖona la nawɔ dɔ ɖe amesiwo nya mí heléa ŋku ɖe mía ŋu la dzi nenema ke.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe