Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le June me: Nukae Mawu Di tso Mía Si? Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu. July kple August: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadza siwo nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, kple Will There Ever Be a World Without War? September: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le June 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne mieto eme vɔ la, miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea le gakɔntabubu si miagaxlẽ la me.
◼ December nye ɣleti si me woada akɔ le dukɔa me. Ne ŋkeke si dzi woawɔ nutome gã takpekpea dometɔ aɖe do go ɖe akɔdaɣiawo nu la, ke míawɔ tɔtrɔ siwo sɔ emegbe.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee—Twigbe
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo—Eŋlisigbe
Reasoning From the Scriptures—Eŋlisigbe
Nukae Mawu Di tso Mía Si?—Eʋegbe
◼ Kasɛt Yeye Siwo Gali:
Asixɔxɔ Dede Míaƒe Gbɔgbɔmedomenyinu la Ŋu—Eŋlisigbe
Ŋkuɖodzinya
Wole ŋku ɖom edzi na amesiwo katã ɖia tsa vaa Betel siwo dome dzikpɔla mɔzɔlawo hã le be woabia Betel-dɔwɔla si dim wole ta se le amesi le amedzroxɔƒea gbɔ gbã be wòayɔ amea na wo. Taflatse migage ɖe Betel-dɔwɔƒeawo dometɔ aɖeke tẽ le mia ɖokui si o.