Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. April Kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nana. Ne míetrɔ yi eye woɖe ɖetsɔleme fia la, míate ŋu ado nudɔdɔwɔwɔ ɖe wo gbɔ. Na Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple susu be yeadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me nawɔ ɖoɖo fifia atsɔ woƒe dɔbiagbalẽvi ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu woawɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi. Ele be woayɔ amesiwo katã dzi woda asi ɖo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔwo na hamea.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Kwasiɖagbe, April 8, 2001, dzi. Womawɔ kpekpe aɖeke le ŋkeke ma dzi o, negbe kpekpe hena gbeadziyiyi ko. Hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo siwo sɔ be woawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ɣeyiɣi bubu.
◼ Hamea me tɔwo naɖo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeyewo kple esiwo vɔ wogbugbɔ dɔ ɖa to hamea dzi.
◼ Habɔbɔa mekpea agbalẽviwo ɖo na gbeƒãɖela ɖekaɖekawo ɖe agbalẽ siwo woadɔ nu o. Dzikpɔla zimenɔla nana woaɖe gbeƒãe ɣleti ɖesiaɖe do ŋgɔ hafi woatsɔ ɣleti ɖesiaɖe ƒe agbalẽnudɔdɔ si hamea wɔna la aɖo ɖe Habɔbɔa ale be amesiwo katã di be yewoadɔ agbalẽ na woa ŋutɔwo ƒe zazã la nagblɔe na agbalẽdzikpɔla. Taflatse agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo tɔxɛ le nenɔ susu me na mi.
◼ Ele vevie be ame 20 alo esi wu nenema ƒe ƒuƒoƒo siwo le ɖoɖo wɔm be yewoava srã Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe kpɔ la naŋlɔ lɛta atsɔ ana nyanya Habɔbɔa do ŋgɔ. Taflatse migblɔ ame xexlẽme si ava kple ŋkekea kpakple ɣeyiɣi si miava. Hafi miava la, taflatse midzro March 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka si ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo si sɔ ne woyina Betel-ƒewo me ŋu la me.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔnta me le March 1 dzi alo emegbe kpuie. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔnta si miagaxlẽ megbe.
◼ Ele be nɔvi siwo awɔ ɖoɖo be yewoatso le Ghana ayi takpekpewo le dukɔ bubuwo me eye wodi be yewoanya takpekpe ƒe ŋkekewo naŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me tẽ axɔ nyatakaka tso wo gbɔ. Nyatakaka siawo manɔ alɔdzedɔwɔƒe si le Accra si o eyata taflatse migaŋlɔ lɛta ɖo ɖe Accra abia o.
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me—Eʋegbe
Nukae Mawu Di tso Mía Si?—Dangme
Hadzigbalẽ (Suetɔ)—Twi
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye?—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi
◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:
Kingdom Melodies Kasɛt 9 Lia
Nuxlɔ̃ame Kpɔɖeŋu na Míaƒe Ŋkekea (Drama)—Eŋlisigbe