INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/01 axa 8
  • Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí be Míaɖe Gbeƒã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí be Míaɖe Gbeƒã
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Lɔ̃ Yehowa Wò Mawu La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Míaƒe Subɔsubɔdɔ—Enye Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðeɖe Fia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Gbeƒãɖeɖedɔa—Mɔnukpɔkpɔ si ŋu Bubu Lee Wònye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 3/01 axa 8

Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí be Míaɖe Gbeƒã

1 Wonya mí Yehowa Ðasefowo be míetsɔa veviedodo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasiae. (Mat. 24:14) Amesiwo wu miliɔn ade le ewɔm le xexeame katã; wobua ame yeyewo kpena ɖe mía ŋu ne wova wɔ ɖeka kpli mí le gbeƒãɖeɖe me. Amesiwo kpɔa gome le dɔa me ƒe xexlẽmee wobuna.

2 Nukae ʋãa mí míetsɔa mía ɖokui nana be míawɔ dɔ sesẽ sia? Womezia mía dzi, tsɔa ŋutilãmenuwo blea mía nu, alo doa bubuŋkɔwo ŋugbe na mí o. Esi mía dometɔ geɖe dze ewɔwɔ gɔme la, míenɔ vɔvɔ̃m elabena míebu be míedze o, eye amewo mexɔa mí zi geɖe o. (Mat. 24:9) Amesiwo kpɔa mí la ƒe akpa gãtɔ menya nusi tututu ʋãa mí míewɔnɛ o. Ele be susu vevi aɖe nanɔ anyi si ta míayi ewɔwɔ dzi.

3 Lɔlɔ̃ ƒe Ŋusẽ: Yesu ɖe se si lolo wu ɖesiaɖe fia esime wògblɔ be ‘ele be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo.’ (Mar. 12:30) Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nɔ te ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amesi ƒomevi wònye kple nusi wòwɔna dzi—enye Dziɖula Gãtɔ, nuwo katã Wɔla, amesi ‘dze axɔ ŋutikɔkɔe, bubu, kple ŋusẽ.’ (Nyaɖ. 4:11) Eƒe nɔnɔme wɔnukuawo de ŋgɔ wu ɖesiaɖe.—Mose II, 34:6, 7.

4 Yehowa nyanya kple elɔlɔ̃ ʋãa mí míenaa míaƒe kekeli klẽna le amewo ŋkume. (Mat. 5:16) Míaƒe kekeli klẽna ne míekafui le gaglãgbe, míeƒo nu tso eƒe dɔ wɔnukuwo ŋu, eye míekaka gbedasi si ku ɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋu. Abe alesi wònɔ le mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina gome ene la, míelé ‘nyanyui mavɔ ɖe asi be míagblɔ afia anyigbadzinɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.’ (Nyaɖ. 14:6) Míaƒe lɔlɔ̃e na míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa le xexeame katã.

5 Xexeame bua míaƒe gbeƒãɖeɖe be enye “bometsinya” si mele be woase o. (Kor. I, 1:18) Wodze agbagba le teƒe geɖe be woatɔ te míaƒe dɔa. Míaƒe lɔlɔ̃ nuteƒewɔwɔtɔe do ŋusẽ mí be míagblɔ abe alesi apostoloawo gblɔe ene be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o. . . . Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔw. 4:20; 5:29) Gbeƒãɖeɖedɔa yi edzi le ta kekem le anyigba ƒe afisiafi togbɔ be tsitretsiɖeŋu li hã.

6 Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa le abe dzobibi ene eye eʋãa mí be míagblɔ eƒe nutsuwɔwɔwo afia. (Yer. 20:9; Pet. I, 2:9) Míayi edzi ‘aɖe eƒe nuwɔwɔwo afia le dukɔwo dome elabena ewɔ nu klitsuwo’!—Yes. 12:4, 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe