Ði Ðase abe Aƒelika Nyui Ene
1 Yesu gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mat. 22:39) Ðikeke mele eme o be èwɔa “nyui na” haxɔsetɔwo, gake ɖe nàgate ŋu akeke wò lɔlɔ̃ ɖe nu na wò aƒelikawoa? (Gal. 6:10) Le mɔ kawo nu?
2 To Ðokuiwò Ðeɖefia Me: Ðe wò aƒelikawo nyae be Ðasefoe nènyea? Ne womenya o la, ekema nukatae màsrã wo kpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi o? Emetsonuawo awɔ nuku na wò! Alo ne èdi be yeaɖe dzi ɖi nyuie wu la, ke te vomeɖaseɖiɖi na wo kpɔ. Ne èdo ɖe go ta la, àkpɔ wo woanɔ dɔ aɖe wɔm le woƒe aƒea me alo anɔ ya xɔm le ablɔ dzi. Ðo nukomo nàte ɖe wo ŋu. Dze agbagba nàƒo nu tso nusiwo dzi nèxɔ se, afisi Fiaɖuƒe Akpata le, kple nusiwo yia edzi le afima, kpakple ame bubu siwo hã dea kpekpeawo le míaƒe nutoa me ŋu na wo. Kpe wo be woava kpekpeawo. Ðoe kplikpaa be nàɖi ɖase tsitotsito tso nyanyuia ŋu na amesiame si nènya.—Dɔw. 10:42; 28:23.
3 To Wò Agbe Nyui Nɔnɔ Me: Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme si le asiwò la ƒoa nu geɖe tsoa ŋuwò eye wòate ŋu aʋu mɔ na wò be nàɖi ɖase. Egaɖoa ‘atsyɔ̃ na Mawu ƒe nufiafia’ la hã. (Tito 2:7, 10) Ðe ɖetsɔleme vavãtɔ fia wò aƒelikawo. Wɔ nu kpli wo xɔlɔ̃tɔe eye nàse nu gɔme na wo. De bubu wo ŋu ne màgado gaglãsu ɖe woƒe nyawo me o eye nàna tomefafa nanɔ anyi. Ne wo dometɔ aɖe ƒe lãme gblẽ la, ɖe ameŋububu fia eye nàna kpekpeɖeŋui. Ne ƒome bubu aɖe ʋu va míaƒe nutoa me la, te ɖe wo ŋu nàdo dzaa na wo. Nuwɔna siwo me lɔlɔ̃ le alea ƒoa nu nyuie le ame ŋu ɣeyiɣi didi eye wodzea Yehowa ŋu.—Heb. 13:16.
4 To Beléle Na Wò Kesinɔnuwo Me: Aƒelika nyui nyenye bia be nàdzra wò aƒeme ɖo wòanya kpɔ. Aƒeme kple eŋu si anɔ dzadzɛ eye wonya kpɔna la nyea ɖaseɖiɖi le wo ɖokui si. Gake aƒe si me ƒoɖi alo esiwo me wokaka gbeɖuɖɔ ɖo la ate ŋu ahe amewo ƒe susu ɖa tso Fiaɖuƒegbedasia ŋu. Eyata ele vevie be nàdzra wò aƒeme, aƒea ŋu, kple ʋuwo me ɖo eye woanɔ nɔnɔme nyui me.
5 Alesi nètsɔa ɖe le eme na amesiwo le Kristo-hamea godo lae ɖea lɔlɔ̃ si le asiwò na wò aƒelikawo fiana. Nukae ate ŋu anye emetsonuwo? Ate ŋu anye be ‘le wò dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze sii ŋuti la,’ wo dometɔ aɖewo ‘akafu Mawu.’—Pet. I, 2:12.