Afisi Woɖo na Ghana Betel Kekeɖenudɔa ŋu Nyawo
Míedze míaƒe Betel la kekeɖenudɔwo gɔme le October 2000 me. Nuwo le afɔ tsɔm nyuie. Yehowa ƒe yayra le mía dzi ale be wona mɔɖegbalẽ siwo hiã la mí. (Ʋɔn. 6:12) Edzɔ dzi na mí be míagblɔ afisi míeɖo na dɔa ŋu nya siawo na mi.
Vaseɖe fifia la, nusiwo ŋu koŋ míetrɔ susu ɖoe nye xɔtudɔa ƒe ɔfiswo gbɔ kpɔkpɔ kple xɔ siwo me xɔtulawo anɔ. Fifia míewu akpa sia nu. Míedze tsi gbegblẽ toƒewo, afisi míaƒe tsi zazã anɔ, kple ʋutɔɖoƒexɔ ŋu dɔwo gɔme. Ne mieva Betel la, miakpɔ xɔtukpe, siminti, kple ke siwo zãm míele na dɔ siawo wɔwɔ. Emegbe nusiwo ŋu míatrɔ susu ɖoe nye afisiwo woatu dzodoƒe si lolo wu, xɔdɔme yeyewo, Fiaɖuƒe Akpata yeye ɖo, kple mɔdodowo toƒe kuku.
Míaƒe ƒomea dzi ɖe edzi fifia. Tsɔ kpe ɖe dukɔwo dome subɔla siwo ade ame 30 siwo koŋ si me wode míaƒe dɔae ŋu la, míexɔ dukɔwo dome lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kotokumega ɖo yameʋui va le woƒe mɔkeke me bene yewoakpe ɖe mía ŋu. Tso March 2001 dzi la, Accra kple Tema hamewo va nɔa kpekpem ɖe mía ŋu le Memleɖagbewo. Míenya be mi katã miatsɔ dzonɔameme akpe asi ɖe dɔ sia ŋu ne wokpe miaƒe hamea. Le nyateƒe me, míekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe asikpekpeɖeŋu kple miaƒe gbedodoɖawo ŋu.