Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le February me: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! alo axa 192-gbalẽ xoxo ɖesiaɖe si le hamea si. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba ɖesiaɖe be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nana. Ne mietrɔ yi eye woɖe ɖetsɔleme fia la, miate ŋu agblɔ nudɔdɔwɔwɔ ŋu nya na wo. Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza kple taɖodzinu be miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.
◼ Ne gbeƒãɖelawo le dɔ wɔm le anyigbamama si womede hame aɖeke si o me la, woate ŋu ana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa. Woate ŋu ana agbalẽ bubu ɖesiaɖe ne agbalẽ eve siawo le aƒemenɔlaa si xoxo. Amesiame natsɔ trakt vovovowo ɖe asi, ne wòagblẽ ɖi na amesiwo mele aƒeme o, alo atsɔ wo ana amesiwo mexɔ agbalẽ o. Woadze agbagba ɖesiaɖe agatrɔ yi afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le, vevietɔ le anyigbamama siwo mele hame aɖeke te o siwo te ɖe miaƒe hamea ŋu me.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le March 1 dzi, alo le ema megbe kpuie. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔntabubu si akplɔe ɖo la xlẽɣi.
◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔ dzikpɔla nato gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖewo be woaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Mikpɔ ƒe sia ƒe “S-201” ƒe lɛtawo me hena aɖaŋuɖoɖowo. Mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memama siwo nye 12-20 hã.
◼ Minɔ ŋudzɔ le amebeblemɔnu siwo zãm amewo le le Internet dzi, kple to posuɖakawo me, tsɔ le gadzɔdzɔ biam tso amewo si be woatsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo nyitsɔ laa, alo woƒe ƒometɔwo ŋu la ŋu. Ne nɔnɔmeawo bia be woaɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti atsɔ akpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ la, woana nɔvi siwo dzi woate ŋu aka ɖo nanya do ŋgɔ. Ele be woaɖo nudzɔdzɔwo hena kpekpeɖeŋu nana le go sia me ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra.
◼ Woaƒo ƒe 2002 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, April 14, dzi. Eƒe tanya anye “‘Ŋkeke Gã Dziŋɔ la’ Nenɔ Susu me na Wò Vevie!” Habɔbɔa aɖo nuƒogbalẽvi ɖa. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo ayi takpekpe le kwasiɖanuwuwu ma naƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si akplɔ ema ɖo me. Mele be hame aɖeke naƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 14, 2002, o.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Benefit From Theocratic Ministry School Education—Eŋlisigbe
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi
Isaiah’s Prophecy—Light for All Mankind I—Large Print—Eŋlisigbe
Agbe si me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe (Agbalẽ gbadza)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi
Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa? (Trakt No. 25)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi
Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? (Trakt No. 26)—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe, Twi
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Watchtower Publications Index—1986-2000—Eŋlisigbe