INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/02 axa 8
  • Na Dzi Nadzɔ Wò Geɖe Wu le Gbeƒãɖeɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Dzi Nadzɔ Wò Geɖe Wu le Gbeƒãɖeɖe Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Dzidzɔ​—Nɔnɔme Nyui Si Tso Mawu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Tsɔ Dzi Kpɔdzidzɔ Subɔ Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Dɔ Geɖe Wɔwɔ Le Mawusubɔsubɔ Me Dzidzɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 3/02 axa 8

Na Dzi Nadzɔ Wò Geɖe Wu le Gbeƒãɖeɖe Me

1 Dzidzɔ si le nyanyuigbeƒãɖeɖe me—ɖe nèle ekpɔm le wò subɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, xexe vɔ̃ɖi sia ana subɔsubɔdɔa wɔwɔ nakpe ŋu na mí, si awɔe be míabu míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ. Dɔwɔwɔ le anyigbamama si mele ku tsem o me hã ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo. Afɔ kawoe wòle be míaɖe bene dzi nadzɔ mí geɖe wu le gbeƒãɖeɖe me?

2 Kakaɖedzi Nenɔ Asiwò: Kakaɖedzi ƒe amesinɔnɔ nye kpekpeɖeŋunu gã aɖe. Mɔ ɖeka si dzi nàto wòasu asiwò enye to ŋugbledede le mɔnukpɔkpɔ gã si su mía si be míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ŋu. (Kor. I, 3:9) Yesu hã li kpli mi le dɔ sia wɔwɔ me. (Mat. 28:20) Eye etsɔ mawudɔlawo ƒe ha gã aɖe da megbe na mí. (Mat. 13:41, 49) Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawue le mɔ fiam mí le míaƒe agbagbadzedzewo katã me. (Nyaɖ. 14:6, 7) Eyata aleke kee amegbetɔwo ɖawɔ nu ɖe míaƒe dɔa ŋui o, dziƒodɔlawo ya kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe míaƒe dɔa ŋu!

3 Dzra Ðo Nyuie: Dzadzraɖo nyuie hã wɔa akpa aɖe be dzi nadzɔ mí. Mehiã be dzadzraɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nanye dɔ sesẽ aɖeke o. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe dzadzraɖo ɖe magazine yeye nana alo nya si míagblɔ atsɔ ana ɣletia ƒe agbalẽnunana ŋu axɔ. Tia dzeɖonya aɖe tso nyati si nye “Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu” me le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Kpɔ emedegbalẽvi si le January 2002 ƒe tata me la ƒe nyati si nye “Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi,” alo di dzeɖonya siwo sɔ le Reasoning-gbalẽa me. Ne dzeɖonyanutsinya aɖe si aƒemenɔlawo lɔ̃a zazã edziedzi va zu mɔxenu na wò la, dzra ɖo ɖe ŋuɖoɖo si asɔ ɖe woƒe nyaa nu ŋu eye nàhe woƒe susu ayi nyati aɖe si anyɔ woƒe ɖetsɔleme dzi. Reasoning-agbalẽa kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le esia wɔwɔ me. Dɔwɔnu siawo zazã ana kakaɖedzi si míehiã la mí be míaɖe gbeƒã kple dzidzɔ.

4 Do Gbe Ða Vevie: Be míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ɖaa la, gbedodoɖa hiã vevie. Esi wònye Yehowa ƒe dɔ wɔm míele ta la, ehiã be míabia eƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu, si ƒe kutsetsewo dometɔ ɖekae nye dzidzɔ. (Gal. 5:22) Yehowa ado ŋusẽ mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. (Fil. 4:13) Gbedodoɖa tso míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nukpɔsusu nyuitɔ ɖo ne míedze ŋgɔ nɔnɔme ɖedzileameƒowo. (Dɔw. 13:52; Pet. I, 4:13, 14) Ne míese le mía ɖokui me be dzi le ɖeɖem le mía ƒo la, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ dzideƒo kple dzidzɔ ayi dɔa dzii.—Dɔw. 4:31.

5 Di Mɔnukpɔkpɔwo: Enye nyateƒe be míekpɔa dzidzɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me ne míete ŋu ke ɖe amewo ŋu heɖi ɖase na wo. Tɔtrɔ siwo sɔ wɔwɔ le wò ɖoɖowɔɖi me be nàyi tso aƒeme yi aƒeme le ɣeyiɣi bubuwo dzi le ŋkekea me, ɖewohĩ le ɣetrɔ alo le fiẽsi me, ate ŋu ana nàkpɔ dzidzedze geɖe wu. Èdoa go amewo ɣesiaɣi le ablɔdzi, ne èyi nuƒleƒe, le bɔs me, alo ne èle tsa ɖim. Nukata màdzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo do ŋgɔ bene nàte ɖe amesiwo ƒe mo xɔlɔ̃wɔwɔ dze le la ŋu o? Ðewohĩ èdea dɔme alo yia suku, afisi nèɖoa dze kple amewo le gbesiagbe. Mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu asiwò nàɖi ɖase to Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe si nyɔa ɖetsɔleme dodo ɖa ko dzi. Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe axa gbãtɔ. Agbagbadzedze le mɔ siawo nu ate ŋu ana dzi nadzɔ wò geɖe wu le gbeƒãɖeɖe me.

6 Esi dzidzɔ kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ta la, aleke gbegbe wòhiã vevie be míana wòanɔ mía me ɖaa enye si! Ne míewɔ esia la, míakpɔ teƒeɖoɖo gã aɖe nenye be míewu dɔ sia si womagbugbɔ awɔ gbeɖe o la nu. Mɔkpɔkpɔ sia ɖeɖe dzaa ate ŋu ana dzi nanɔ mía dzɔm geɖe wu le gbeƒãɖeɖe me.—Mat. 25:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe