Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le October me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Le afisi woɖe ɖetsɔleme fia le la, miate ŋu ana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ahadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. November: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Ne agbalẽ siawo le ameawo si xoxo la, miate ŋu ana agbalẽ xoxo aɖe wo. Ne agbalẽ xoxowo mele mia si o la, miate ŋu abia hame siwo te ɖe mia ŋu ne ele wo si sɔ gbɔ si miate ŋu axɔ ɖe. December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Ne esia meli o la, miate ŋu ana Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, The Bible—God’s Word or Man’s?, alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. Ne agbalẽ siwo míana ɖe wo teƒe dometɔ aɖeke mele hamea si o la, taflatse mibia hame siwo te ɖe mia ŋu kpɔ be ele wo si sɔ gbɔ miate ŋu axɔ ɖe hã. January: Agbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1988 si anɔ hamea si. Ne esiawo dometɔ aɖeke mele mia si o la, taflatse mibia hame siwo te ɖe mia ŋu kpɔ be agbalẽ xoxowo le wo si sɔ gbɔ miate ŋu axɔ ɖe hã. Hame siwo si agbalẽ xoxowo mele o ate ŋu ana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa.
◼ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe emedegbalẽvi sia enye “Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖi Hena ƒe 2003,” eyata midzrae ɖo miazãe le ƒe 2003 bliboa me.
◼ Míele “Congregation Meeting Information” (S-5) gbalẽvi yeye ɖom ɖe hamewo katã. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nakpe agbalẽvi sia ɖo. Ele vevie be miana alɔdzedɔwɔƒea nanya telefon xexlẽdzesi siwo dzi woate ŋu ayɔ hamea toe. Ne telefon la menye hamemegã aɖe tɔ o la, taflatse miŋlɔ “c/o” do ŋgɔ na xexlẽdzesia. Azɔ hã ne miaƒe hamea ƒe kpekpewɔɣiwo atrɔ tso January 1 dzi la, ele be miade dzesi tɔtrɔ siawo ɖe agbalẽvia dzi hafi aɖoe ɖe mí.
◼ Agbalẽ Siwo Li:
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
—Eʋegbe
◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:
A Satisfying Life—How to Attain It—Eŋlisigbe
Singing Kingdom Songs—Eŋlisigbe
◼ Videokasɛt Yeye Siwo Li:
The Greatest Man Who Ever Lived (Volume 7)—American Sign Language