Zã Subɔ Mawu ƒe Agbalẽa Nàtsɔ Awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃e
Wotrɔ asi le Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe agbalẽa ŋu be wòakpe ɖe ame yeyewo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me eye wòadzi woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu ɖe edzi. Woate ŋu azã agbalẽa atsɔ afia nu Biblia-nusrɔ̃viwo wòanye nusrɔ̃gbalẽ evelia. June 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ, ƒe axa 4 lia gblɔ be: “Ne edze abe amea le ŋgɔyiyi wɔm, togbɔ be mele tsɔtsɔm o hã, eye wòva le ŋudzedze kpɔm ɖe nusi srɔ̃m wòle ŋu la, ekema yi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi kplii le agbalẽ evelia aɖe me ne miewu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu. . . . Ele be míasrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa kple amesiame gbã. Ele be woabu Biblia-nusɔsrɔ̃, tɔtrɔyiwo, kple ɣeyiɣi si wozã tsɔ yi nusɔsrɔ̃a dzii ƒe akɔnta ana, ne nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ hafi wu agbalẽ [gã] evelia sɔsrɔ̃ nu hã.”
Amekawo hãe ate ŋu aɖe vi tso Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le Subɔ Mawu ƒe agbalẽa me la me? Nyati ma ke yi edzi gblɔ be: “Ne ènya ame aɖewo siwo srɔ̃ [Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple] Sidzedze-gbalẽa va yi gake womete ŋu wɔ ŋgɔyiyi ɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ o la, ɖewohĩ àdi be yeaxɔ ŋgɔ akpɔe ɖa ne woadi be yewoagadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme hã.” Mina míadze agbagba etɔxɛe adze nusɔsrɔ̃wo gɔme kple amesiawo le Subɔ Mawu ƒe agbalẽa me le March kple April me.