Gbeadzikɔnta Manamana Ðe Game Dzi—Enye Wò Kuxia?
1 Togbɔ be kuxiwo yɔ ŋkeke mamlɛ siawo me fũ hã la, míede dzesii be gbeƒãɖela akpa gãtɔ tsɔa woƒe gbeadzikɔntabubu nana kaba le dzinu ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Gbeƒãɖela siawo dze na kafukafu. Ke hã, gbeƒãɖela siwo ƒe xexlẽme ade 4,000 ƒe gbeadzikɔntabubu tsia megbe ɣleti sia ɣleti, si wɔnɛ be akɔntabubuawo medena pɛpɛpɛ o. Nukae míate ŋu awɔ le kuxi sia ŋu?
2 Apostoloawo ƒe Kpɔɖeŋu: Yesu Kristo yomedzela gbãtɔawo tsɔ ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakakawo me. (Mar. 6:30) Esi dɔa nɔ ŋgɔ yim la, wowɔa nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme kple nudzɔdzɔ veviwo ŋuti nuŋlɔɖi. (Dɔw. 1:15; 2:41; 6:7; 4:4) Aleke gbegbee dzidziɖedzi siawo ŋuti nyatakakawo ade dzi ƒo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔawoe nye si!
3 Nukatae Nàtsɔ Wò Akɔntabubu Ana Kaba? Akɔntabubu kaba kpɔa taɖodzinu vevi aɖe gbɔ. Wokpena ɖe hamemegãwo, alɔdzedɔwɔƒea, kple habɔbɔ bliboa ŋu be woate ŋu alé ŋku ɖe alesi xexeame katã ƒe dɔa le afɔ tsɔmee ŋu. Akɔntabubua ɖea afisiwo dɔa le afɔ tsɔm le nyuie kple afisiwo míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le be wòaganyo ɖe edzi la fiana. Be míaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ehiã be míatsɔ míaƒe gbeadzikɔntabubuwo ana kaba!
4 Nukae Míate Ŋu Awɔ? Ele be Hame ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nadze agbagba vevie akpɔ egbɔ be akɔntabubuawo katã ka agbalẽŋlɔla si kaba ne ɣletia ku megbe kpuie. Woate ŋu anɔ ŋku ɖom gbeadzikɔntabubu dzi na nɔviwo le agbalẽmenusɔsrɔ̃ mamlɛtɔ wɔɣi le ɣleti ɖesiaɖe me. Ele be agbalẽŋlɔlawo nawɔ dɔ le akɔntabubuawo ŋu enumake ale be ne gbeƒãɖela aɖewo ƒe akɔntabubu meɖo wo gbɔ o la, woate ŋu ati wo yome hafi dzinua ƒe ŋkeke 6 lia naɖo. Eyata ne gbeƒãɖelawo katã ƒe akɔntabubu ɖo agbalẽŋlɔla gbɔ kaba, eye agbalẽŋlɔlaa wɔ dɔ le wo ŋu enumake la, míaƒe akɔntabubuwo ade pɛpɛpɛ ɣleti sia ɣleti.
5 Míaƒe Nɔnɔme: Ehiã be gbeƒãɖela ɖesiaɖe natsɔ agba si le edzi be wòatsɔ eƒe gbeadzikɔntabubuwo ana kaba ɣleti ɖesiaɖe la nya vevii. (Luka 9:10a) Ne míetu gbeadzikɔnta nana kaba ƒe nɔnɔme ɖo la, dɔ siwo wɔm míele le míaƒe anyigbamama me ŋuti kɔntabubuwo ade wu. Mina mí katã míaɖee afia le mɔ sia nu be míebɔbɔa mía ɖokui ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo te.—Mat. 24:45-47.