Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vavã—To Mɔ Ka Nu?
1 Nukae ate ŋu ana ame miliɔn ade kple edzivɔ siwo le dukɔ 234 me eye wogblɔa gbegbɔgblɔ abe 380 ene la nawɔ ɖeka? Yehowa Mawu subɔsubɔ koe. (Mixa 2:12; 4:1-3) Nuteƒekpɔkpɔ si su Yehowa Ðasefowo si na wonya be ɖekawɔwɔ vavã le nyateƒe Kristotɔwo dome egbea. Esi míenye “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te ta la, míeɖoe kplikpaa be míagbe xexeme ƒe gbɔgbɔ si dea mama amewo dome la.—Yoh. 10:16; Ef. 2:2.
2 Mawu ƒe tameɖoɖo si medoa kpo emevava o enye be nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la nawɔ ɖeka le tadedeagu me. (Nyaɖ. 5:13) Esi Yesu nya alesi esia le vevie ta la, edo gbe ɖa vevie bena ɖekawɔwɔ nanɔ ye yomedzelawo dome. (Yoh. 17:20, 21) Akpa kae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ Kristo-hamea me?
3 Mɔ si Nu Wotona Ðekawɔwɔ Nɔa Wo Dome: Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔa manɔmee la, Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ gbɔ manya ɖo o. Nusi míesrɔ̃ le Biblia me tsɔtsɔ de dɔwɔna me wɔnɛ be Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ bɔbɔe le míaƒe agbe me. Esia wɔnɛ be “[míedzraa] gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me.” (Ef. 4:3) Eʋãa mí be míehea adodo kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me. (Kol. 3:13, 14; Pet. I, 4:8) Ðe nèdoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ to ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu gbesiagbe dzia?
4 Míaƒe dɔdasi be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo hã na míewɔa ɖeka. Ne míewɔa dɔ kple ame bubuwo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, eye ‘míeʋlia nyanyui ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mía nɔewo ŋuti’ la, míeva zua “hadɔwɔlawo na nyateƒe la.” (Fil. 1:27; Yoh. III, 8) Ne míewɔe nenema la, ɖekawɔwɔ ƒe lɔlɔ̃kadodo si le hamea me la nu sẽna ɖe edzi. Nukatae màgblɔe na ame aɖe si mègade gbeadzi kplii le ŋkeke siawo me kpɔ o ne miayi le kwasiɖa sia me o?
5 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míanye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ ɖeka kolia si le anyigba dzi egbea la me tɔwo! (Pet. I, 5:9) Ame akpe geɖewo ase vivi le xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ sia me le “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpewo me. Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ nu atsɔ ado alɔ ɖekawɔwɔ lédziname sia to takpekpea me nɔnɔ, Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe, masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le lɔlɔ̃ me, kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple “tame ɖeka” me.—Rom. 15:6.