Ðe Wò Subɔsubɔdɔa Hea Kafukafu Vɛ na Yehowa?
1. Nuka mee wòle be gbeƒãɖelawo katã natsɔ ɖe le ku ɖe woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu?
1 Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu nyateƒe Kristotɔ si dometɔ ɖekae nye be wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me. Ne míele gbeadzi la, amewo kpɔa mí abe Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, teƒenɔlawo ene. Eyata ehiã vevie ŋutɔ be míaɖo kpɔɖeŋu nyui ne míele dɔ sia wɔm. Apostolo Paulo te gbe ɖe nya sia dzi esi wògblɔ be: “Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o.” (Kor. II, 6:3) Aleke míate ŋu awɔ esiae?
2. Nukatae wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe dzedzeme ŋu?
2 Ele Be Míalé Ŋku Ðe Míaƒe Dzedzeme Ŋu: Míaƒe dzedzeme nana amewo kpɔnɛ dzea sii be míeto vovo. Le xexeame godoo la, amewo ate ŋu akpɔe be nyateƒe Kristotɔwo le dzadzɛ eye woda sɔ le dzadzraɖo me. Esia hea dzinyuitɔwo vaa Mawu si míesubɔna gbɔ eye woxɔa gbedasi si míeɖea gbeƒãe la. Eʋã ame aɖewo ‘wova zu Mawu subɔlawo,’ eye woʋu eme be, ‘Mawu le mia dome vavã.’—Kor. I, 14:24, 25.
3. Abe alesi wòdze le Timoteo I, 2:9, 10 ene la, alekee wòle be míaƒe awudodo nanɔ hafi míayi gbeadzi, eye nukatae?
3 Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, ele be míada asɔ nyuie le awudodo kple dzadzraɖo me wòade bubu míaƒe gbedasia ŋu. Mele be míado awu abe xexeametɔwo ene atsɔ ahe amewo ƒe susu va mía ɖokui dzi gbeɖe o. Mele be nyɔnuwo nado awu siwo miaa ame kpaɖikpaɖi kple esiwo me ameti bliboa dzena le atsɔ ayi gbeadzii gbeɖe o, elabena ema ahe amewo ƒe susu ɖa tso míaƒe gbedasia ŋu. Ðe esia teƒe la, esi wònye Mawu ƒe ŋkɔe le mía ŋu ta la, ele be míado awu wòasɔ, abe ‘nyɔnu siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me’ ene.—Tim. I, 2:9, 10.
4. Nukatae wòle be matsri glãkahehe kpakple nyaʋiʋli kple amewo le gbeadzi?
4 Tsri Glãkahehe Kple Nyaʋiʋliwo: Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go amesiwo melɔ̃na ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi o. Esi míenyae be gome le wo si be woaɖe woƒe nukpɔsusuwo agblɔ ta la, míeɖoa to wo ameŋububutɔe. Gake wo dometɔ aɖewo ate ŋu aɖu fewu le mía ŋu ame mabumabutɔe ahatsi tre ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu. Ne edzɔ alea la, ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ glãka sesẽ hem le aƒewo me o. Abe Yesu ene la, míegbɔa dzi ɖi tsɔa dɔmefafa kple ɖokuidziɖuɖu wɔa nu ɖe amewo ƒe fewuɖuɖu kple dzugbenyawo ŋu.—Pet. I, 2:23; Tim. I, 2:8.
5. Nukae nye míaƒe taɖodzinu vevitɔwo dometɔ ɖeka ne míele gbeadzi?
5 Ŋutsu Megawɔ Biblia Nusɔsrɔ̃ Kple Nyɔnu O, eye Nyɔnu Hã Megawɔe Kple Ŋutsu O: Míele xexe si me woɖea mɔ ɖe nusianu ŋu eye nu ʋɛ aɖewo nu koe wodea se ɖo le agbenyuinɔnɔ gome la me. Ele be Kristotɔ vavãwo nanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi be womaganɔ agbe baɖa aɖeke si ahe vlododo ava Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o. Aleke nya sia ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋui?
6. (a) Ne míawo ɖeɖekoe le gbeadzi eye míedo go ŋutsu alo nyɔnu la, nukae mele be míawɔ o? (b) Nuxlɔ̃menya kae dze le July 1, 1992, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 31 ku ɖe ŋutsu alo nyɔnu siwo tsɔ ɖe le Biblia ƒe gbedasia me ŋu?
6 Míedoa go ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖea ɖetsɔleme vavãtɔ fiana ɖe nyateƒea ŋu. Ne ŋutsu ɖekae le gbeadzi eye wòdo go nyɔnu, alo nyɔnu ɖeka do go ŋutsu evɔ ame bubu aɖeke megale aƒea me o la, nu nyuitɔ si wòle be míawɔe nye be míaɖi ɖase na amea le xexe tsɔ wu be míage ɖe xɔa me. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, ke wɔ ɖoɖo be mia kple gbeƒãɖela bubu miatrɔ ayi. Ne manya wɔ nenema o la, nunya anɔ eme be nɔviŋutsuwo natsɔ nyɔnu ɖetsɔlemetɔwo ana nɔvinyɔnu gbeƒãɖelawo eye nenema kee nɔvinyɔnuwo hã natsɔ ŋutsu ɖetsɔlemetɔwo ana nɔviŋutsuwo.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 1, 1992, axa 31.
7. (a) Ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, nukae mele be míawɔ o? (b) Ne ènye ŋutsu le nu srɔ̃m kple nyɔnu alo ènye nyɔnu le nu srɔ̃m kple ŋutsu fifia la, ke nukae wòle be nàwɔ?
7 Nenema ke mele be nɔvinyɔnuwo nanɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple ŋutsuwo eye nɔviŋutsuwo hã nanɔ nu srɔ̃m kple nyɔnuwo o. Zi geɖe la, míate ŋu akpɔ nɔviŋutsu wòasrɔ̃ nu kple ŋutsu ɖetsɔlemetɔ eye míakpɔ nyɔnu na nyɔnu ɖetsɔlemetɔ. (Mat. 10:16) Ne esesẽ na gbeƒãɖela aɖe be wòakpɔ nɔvi aɖe wòasrɔ̃ nu kple ɖetsɔlemetɔ aɖe la, ke nete ɖe subɔsubɔdɔdzikpɔla alo agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ŋu abia kpekpeɖeŋu.
8. (a) Agba kae le subɔsubɔdɔdzikpɔla kple agbalẽ me nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo dzi le ŋutsu siwo le nu srɔ̃m kple nyɔnuwo alo nyɔnu siwo le nu srɔ̃m kple ŋutsuwo gome? (b) Aleke wòle be gbeƒãɖelawo katã nawɔ nu aduadu kple nɔviŋutsu siawo siwo le ŋgɔ xɔm lae?
8 Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔla kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nanɔ klalo be yewoakpe ɖe hamea me gbeƒãɖela siwo le nusɔsrɔ̃ wɔm kple amesiwo ƒe vidzinu to vovo na wo tɔ ŋu. Woawoe wòanya wɔ na wu be woawɔ ɖoɖo na nɔviŋutsu aɖe be wòasrɔ̃ nu kple ŋutsu ɖetsɔlemetɔ aɖe alo be nɔvinyɔnu aɖe nasrɔ̃ nu kple nyɔnu si ɖe ɖetsɔleme fia. Nuwɔwɔ aduadu kple dzikpɔla siawo awɔe be Yehowa ayra mí.—Heb. 13:17.
9. Aleke míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa nahe kafukafu vɛ na Yehowae?
9 Eyata eme kɔ be dadasɔ nyuie le míaƒe awudodo me, nuwɔwɔ le dɔmefafa kple ɖokuibɔbɔ me, kpakple asaƒoƒo na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ mí ade nuvɔ̃ me le míaƒe subɔsubɔdɔa me la ahe kafukafu kple bubu vɛ na Yehowa. Ne míezɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siawo dzi le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, anye takpɔkpɔ na mí eye awɔe be “[míana] nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o.”—Kor. II, 6:3.