INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/07 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 7/07 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le July kple August me: Míana axa 32 gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si li si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. September: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? October: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo.

◼ Esi kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le September me ta la, enye ɣleti si sɔ nyuie na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ.

◼ Tso September me la, dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔlawo aƒo ƒe tanyae nye “Nu Kae Ðenɛ Fiana Be Biblia La Nye Nyateƒegbalẽ?”

◼ Anyo be gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽvi naɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋkeke 30 ya teti do ŋgɔ na ɣletiŋkeke si dzi amea di be yeadze egɔme. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla neto dɔbiagbalẽvia me aka ɖe edzi be wokpee ɖo keŋkeŋ. Ne ame si le dɔa biam mate ŋu aɖo ŋku ŋkeke si tututu wòxɔ nyɔnyrɔ dzi o la, woabu ŋkeke si wòate ŋu anye ŋu ahaŋlɔ esia ɖi anɔ zazãm ɣesiaɣi. Agbalẽŋlɔla neŋlɔ esia ɖe Congregation’s Publisher Record (S-21) dzi.

◼ Mixlẽ agbalẽ kple magazine siwo katã susɔ ɖe hamea si le August 31, 2007, dzi alo miaxlẽ wo do ŋgɔ nɛ teti. Agbalẽxexlẽ sia sɔ kple esi agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla wɔna ɣleti sia ɣleti, eye miŋlɔ wo katã ƒe xexlẽme ɖe Literature Inventory (S-18) gbalẽvia dzi. Magazine dzikpɔla(wo) gbɔe woaxɔ magazine siwo li la ƒe xexlẽme bliboa atso. Hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ agbalẽawo xexlẽ dzi. Eya kple hame si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ ƒe dzikpɔla zimenɔla nade asi agbalẽvia te. Míaɖo Literature Inventory gbalẽvi etɔ̃ ɖe hame ɖe sia ɖe si kpɔa agbalẽdɔdɔnyawo gbɔ. Taflatse miɖo agbalẽvi si dzi mieŋlɔ nuawo ɖo dometɔ ɖeka ɖe alɔdzedɔwɔƒea eye neɖo mía gbɔ hafi September 6 nava yi. Mida kɔpi evelia ɖe miaƒe nuŋlɔɖiwo dzraɖoƒe. Miate ŋu azã agbalẽvi etɔ̃lia hena dzesidede nuwo.

◼ Hame ƒe agbalẽŋlɔlawo nakpe Congregation Analysis Report (S-10) ƒe agbalẽvia ɖo nyuie eye woaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 6, 2007 nava yi. Subɔsubɔ Kɔmitia nato eme be nu sia nu de pɛpɛpɛ hafi woaɖoe ɖa. Ne miehiã numekɔkɔ ku ɖe biabia aɖe si le agbalẽvia dzi ŋu la, ke taflatsɛ miƒo ka ɖo ɖe Betel miabia “Report Desk.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe