INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/07 axa 7
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 8/07 axa 7

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna me le August 27, 2007, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe July 2 va se ɖe August 27, 2007, ƒe dɔdeasiwo dzi la dzi.

NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO

1. Aleke míate ŋu aɖe bubudeameŋu afia amewo le míaƒe subɔsubɔdɔa kple hamea me? [be-EW axa 192 mm. 2-4]

2. Nu kae hiã vevie be míawɔ ne míedi be míaɖee afia be míele nu ƒom kple kakaɖedzi? [be-EW axa 196 mm. 1-3]

3. Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ŋuɖɔɖotɔe ne míele gbeƒã ɖem la dometɔ aɖewo ɖe? [be-EW axa 198 mm. 1-5]

4. Aleke ŋuɖɔɖɔɖo bia be míanya ɣeyiɣi si me míagblɔ nya aɖe ne míele gbeƒã ɖem? (Lod. 25:11) [be-EW axa 199 mm. 1-3]

5. Aleke míana míaƒe nuƒowo nade dzi ƒo na ame? [be-EW axa 203 mm. 3–axa 204 mm. 1]

DƆDEASI GBÃTƆ

6. Kpeɖodzi kae li be Xezekiel ye ŋlɔ agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le, be ele agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la dome, eye be enye nyateƒegbalẽ? [si axa 133 mm. 3]

7. Nɔnɔme kae hiã hafi ame nate ŋu ado dzi ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe eŋu? [w05-EW 6/1 axa 29 mm. 4]

8. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu ɖo nya ŋu na Zadukitɔ siwo bia nyae tso tsitretsitsi ŋu la me? (Luka 20:37, 38) [be-EW axa 66 mm. 4]

9. Ne Biblia nusrɔ̃vi alo haxɔsetɔ aɖe bia be nu kae wòle be yeawɔ le nɔnɔme aɖe me hã la, aleke wòle be nàɖo eŋu nɛ? [be-EW axa 69 mm. 4-5]

10. Nu kae nyagbɔgblɔ “mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me” bia? (Ef. 4:23) [be-EW axa 74 mm. 4]

KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLE

11. Le Xezekiel 9:2-4 la, ame kae ame si ta aklala la tsi tre ɖi na, eye nu kae ‘dzesi si wode ŋgonu’ na amewo la fia? [w88 9/15 axa 14 mm. 18]

12. Aleke Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo le abe “nyagblɔɖila tsibomewo, ame siwo dze woawo ŋutɔ ƒe dzi . . . yome” abe ale si woɖɔe le Xezekiel 13:3 me la ene? [w99-EW 10/1 axa 13]

13. Esi Israel viwo nɔ lodonya siwo le Xezekiel 18:2 gblɔm la, nu kae wonɔ agbagba dzem be yewoawɔ, eye akɔntanana ŋuti nusɔsrɔ̃ vevi ka dzie wòte gbe ɖo? [w88 9/15 axa 18 mm. 10]

14. Gɔmesese ka nue Xezekiel ‘zi kpi,’ alo ‘mia nu,’ le esime woɖe to ɖe Yerusalem hetsrɔ̃e? (Xez. 24:27; 33:22) [w03-EW 12/1 axa 29]

15. Ame kae nye ‘Gog si le Magog-nyigba dzi,’ eye ɣekaɣie wòho be yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo? (Xez. 38:2, 16) [w97-EW 3/1 axa 14 mm. 1–axa 15 mm. 3]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe