Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le December me: Míana Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Ne agbalẽ sia meli o la, ke miate ŋu ana Te Ðe Yehowa Ŋu alo Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖe eteƒe. January: Míana axa 192 gbalẽ xoxo ɖe sia ɖe si ƒe pepa ƒe amadede trɔ aŋutiɖiɖi le esi wònɔ anyi didi ta, alo agbalẽ ɖe sia ɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1991 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ xoxo mawo mele o ate ŋu ana Sidzedze gbalẽa alo Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadza. February: Is There a Creator Who Cares About You? alo Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
◼ Dzikpɔla zimenɔla natia ame aɖe wòato hamea ƒe September, October, kple November ƒe gakɔntawo me. Mele be ame ma ke nato ɣleti siwo akplɔ esia ɖo la ƒe gakɔntawo me o. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le ɣleti si akplɔe ɖo ƒe gakɔntabubu xlẽɣi.—Kpɔ Instructions for Congregation Accounting (S-27).
◼ Taflatse mide dzesii be ƒe 2009 ƒe Ŋkuɖodzia dze Yawoɖa, April 9 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Míele nyanya nam mi tso esia ŋu do ŋgɔ ale be miate ŋu adi teƒe siwo ahiã la do ŋgɔ ne hame geɖe ye zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka eye wòahiã be woadi teƒe bubuwo.
◼ Le kwasiɖa si me hamea ayi nutome gã takpekpe la, mehiã be woawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea o. Ele be dzikpɔla zimenɔlawo nawɔ ɖoɖo ale be woawɔ takpekpe ƒe kwasiɖaa me dɔ veviwo do ŋgɔ alo le takpekpea megbe. (km 11/06 ƒe Gbeƒãɖeɖe) Gake ele be woawɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ya kaba le kwasiɖaa me.
◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpui ƒe tata yeyea, si miedɔ va yi eye alɔdzedɔwɔƒea ɖo ɖe mi, ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me ne January 1 nya ɖo ko. (Mikpɔ August Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe.) Ƒea ƒe mawunyakpukpuia enye: ‘Milé dzi ɖe ƒo eye miakpɔ ale si Yehowa le mia ɖe gee.’—2 Mose 14:13.