Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le January me: Míana axa 192 gbalẽ xoxo ɖe sia ɖe si ƒe pepa ƒe amadede trɔ aŋutiɖiɖi le esi wònɔ anyi didi ta, alo agbalẽ ɖe sia ɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1991 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ xoxo mawo mele o ate ŋu ana Sidzedze gbalẽa alo Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadza la. February: Is There a Creator Who Cares About You? alo Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. April kple May: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Midze agbagba miaɖo ame yeye siwo va Ŋkuɖodzia kple dutoƒonuƒo tɔxɛa gake womedea ha kple hamea edziedzi o la gbɔ. Taɖodzinuae nye be míadze aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple wo dometɔ siwo mele nu srɔ̃m haɖe o.
◼ Esi kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le March me ta la, enye ɣleti si sɔ nyuie na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo la ƒe tanyae nye “Afi Kae Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Le Le Xaxaɣiwo Me?”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo nyuie na ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu, le Memleɖa, March 22 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Togbɔ be nuƒoa ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o. Hame ɖe sia ɖe nadze agbagba awɔ eya ŋutɔ ƒe ɖoɖo hena Ŋkuɖodzia ɖuɖu. Gake ɖewohĩ esia manya wɔ ɣesiaɣi o. Ne hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ɖewohĩ hame ɖeka, alo esi wu ema ate ŋu ahaya teƒe bubu aɖe na fiẽ ma ƒe wɔnawo. Míele aɖaŋu ɖom be, ne anya wɔ la, miniti 40 ya teti natso wɔnaawo dome bene vavalawo katã nate ŋu akpɔ viɖe bliboe tso hadede tuameɖowo me le Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo megbe. Ele be woabu ʋuɖoɖo kple ʋutɔɖoƒe kpakple ʋu siwo akɔ amewo avae ahakɔ wo adzoe ŋu nyawo hã ŋu. Hamemetsitsiwo ƒe ha la nade ŋugble le ɖoɖo siwo ade nɔviawo dzi wu la ŋu.
◼ Le hame siwo ƒuƒoƒo siwo sa ɖe aga alo tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒowo le woƒe dzikpɔkpɔ te gome la, wode dzi ƒo na hamemetsitsiwo be woawɔ Ŋkuɖodzia ƒe ɖoɖo bubu na ƒuƒoƒo siawo le woƒe anyigbamama me. Ne nɔviŋutsu siwo dze akpɔ wɔnawo dzi li la, ke mahiã be amewo nazɔ mɔ tso afi ma ava kpe kple hamea le teƒe ɖeka o. Ðoɖo sia wɔwɔ na ƒuƒoƒo siwo sa ɖe aga alo tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒowo ana wòanɔ bɔbɔe be ame geɖe wu nade Ŋkuɖodzia. Ke hã, akɔntabubu ɖeka koe woaɖo ɖa le hamea ƒe ŋkɔ me. Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ate ŋu aɖo nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname ɖe sia ɖe siwo asu mia si ku ɖe Ŋkuɖodzia ŋu la ɖe alɔdzedɔwɔƒea.
◼ Hame ƒe agbalẽŋlɔlawo nakpɔ egbɔ be gbesiagbe mɔɖela siwo le hamea me la ƒe pioneer appointment letter (S-202) le hamea ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ne mɔɖela aɖe tɔ meli o la, ke miŋlɔ lɛta miana alɔdzedɔwɔƒea nanya.
◼ Ne èle mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽvi kpem ɖo la, kpɔ egbɔ be yezã dɔbiagbalẽvi yeye si nye S-205 5/06 la. Hame ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti nato agbalẽvia me akpɔe ɖa be woɖo nyabiaseawo katã ŋuti mahã. Ne ame si le dɔa biam mate ŋu aɖo ŋku ŋkeke si tututu wòxɔ nyɔnyrɔ dzi o la, woabu ŋkeke si wòate ŋu anye ŋu ahaŋlɔ esia ɖi anɔ zazãm ɣesiaɣi. Agbalẽŋlɔla neŋlɔ ɣletiŋkekea ɖe Congregation’s Publisher Record (S-21) dzi.
◼ Edzɔa dzi na mí ɣesiaɣi be míaxɔ ame siwo di be yewoava ɖi tsa le Betel la alɔ eve. Le kwasiɖaa me la, woakplɔ amewo aɖi tsae le game siawo dzi: tso Dzoɖa va se ɖe Fiɖa ŋdi ga 9:30 kple 10:30, kpakple ŋdɔ ga 1:30 kple 3:00; Memleɖa ŋdi 9:00 kple 10:30. Wode dzi ƒo na nɔvi siwo di be yewoava la be woawɔ ɖoɖo ava tso Dzoɖa va se ɖe Fiɖa, esia ana woate ŋu akpɔ ale si wole dɔ wɔmee le dɔwɔƒe vovovowo. Ele vevie be ne ame 20 alo esi wu nenema ƒe ƒuƒoƒo le ɖoɖo wɔm be yewoava ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea la, woaŋlɔ lɛta ana nyanya do ŋgɔ. Woaɖo lɛta sia ɖe: Bethel Office, Christian Congregation of Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra. Taflatse miŋlɔ ame agbɔsɔsɔme si gbɔna, ŋkekea, kple game si miava ɖo. Ke hã, migalala be yewoaxɔ ŋuɖoɖo hafi ava o. Hafi miava la, taflatse midzro June 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka kple Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 138, si ƒo nu tso awudodo kple dzadzraɖo le nɔnɔme nyuitɔ me hafi ava Betel ŋu, la me.
◼ Tso August 4, 2008, ƒe kwasiɖa me la, hame siwo katã doa Eŋlisigbe adze Live With Jehovah’s Day in Mind sɔsrɔ̃ gɔme le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo. Esi wònye be agbalẽ sia mele mía degbewo me o ta la, hame siwo katã doa mía degbewo asrɔ̃ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖe eteƒe.