Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Míadze agbagba adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! June: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
◼ Ne magazine yeyewo nya ka hamea si ko la, mima wo na gbeƒãɖelawo enumake, ne woaxlẽe ahanya eme nyatiwo nyuie hafi ɣeyiɣi nade be míana wo le gbea dzi. Hamemetsitsiwo nadze agbagba ana magazine agbɔsɔsɔ si nu sɔ la nanɔ anyi be nɔviwo naxɔ ana le gbea dzi.
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Braɖa, March 30, 2010. Ha siwo míadzi le Ŋkuɖodzia wɔɣie nye Hadzidzi 8 kple 5, siwo woɖe tso hadzigbalẽ yeyea me. Ne miewɔa kpekpe le Braɖagbe la, ke midze agbagba miawɔ kpekpea gbe bubu gbe. Ne manya wɔ be miawɔ kpekpea gbe bubu gbe o, elabena hame geɖewo zãa Fiaɖuƒe Akpataa la, ekema miate ŋu ate fli ɖe kpekpea me kwasiɖa ma. Miate ŋu awɔ ɖoɖo awɔ Subɔsubɔ Kpekpe ma me dɔ siwo miekpɔ be woaɖe vi na miaƒe hamea la le Subɔsubɔ Kpekpe bubu me.
◼ Ame siwo zãa TWI Watchtower Library la nade dzesii: Ne èdi be yeaŋlɔ ‘ɛ’ alo ‘ɔ’ ɖe afi si nèŋlɔa nya siwo dim nèle la ɖo, alo nèdi be ‘ɛ’ kple ‘ɔ’ siwo le nyatiawo me la nagadze abe aɖakavi suesuewo ene le nuŋɔŋlɔawo me o la, ekema xlẽ mɔfiame siwo le Readme la me le CD-ROM la dzi, eye nàzɔ ɖe wo dzi. Míele dzi dem ƒo na ame siwo katã zãa dɔwɔnu sia la be woadi ɣeyiɣi axlẽ mɔfiame siwo le Readme la me, vevietɔ eƒe akpa si ku ɖe ‘ɛ’ kple ‘ɔ’ ŋɔŋlɔ ŋu, hafi ate ezazã.