INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/10 axa 4
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 4/10 axa 4

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le April 26, 2010 ƒe kwasiɖaa me. Sukudzikpɔlaa akpɔ numetotoa dzi miniti 20, eye anɔ te ɖe dɔdeasi siwo míewɔ tso March 1 va se ɖe April 26 2010 ƒe kwasiɖawo me dzi.

1. Nu kae Naomi wɔnɛ esi wògblɔ be “Yehowa do nublanuitɔm?” (Rut 1:21) [w05 3/1 axa 27 mm. 2]

2. Rut ƒe nɔnɔme kawoe na wònye “nyɔnu zãzɛ”? (Rut 3:11) [w05 3/1 axa 28 mm. 7]

3. Aleke Elkana ƒe nya siwo nye: “Ðe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa” do ŋusẽ srɔ̃ae? (1 Sam. 1:8) [w90 3/15 axa 27 mm. 5-6]

4. Nu ka tae mesɔ be Israel viwo bia be woaɖo fia na yewo o? (1 Sam. 8:5) [w05 9/15 axa 20 mm. 17; it-2-E axa 163 mm. 1 (it-2-F axa 827 mm. 1)]

5. Togbɔ be Samuel ‘tsi heƒo wɔ’ hã la, gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu kae wòɖo ɖi, eye nu kae esia fia mí? (1 Sam. 12:2, 23) [w07 6/1 axa 29 mm. 14-15]

6. Nu ka tae Saul ve Kenitɔwo nu etɔxɛe? (1 Sam. 15:6) [w05 3/15 axa 22 mm. 10]

7. Nu kae na Saul bia David be: “Ðekakpui, ame ka vi nènye?” (1 Sam. 17:58) [w07 8/1 axa 31 mm. 3, 5]

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si David kpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ le Gat la me? (1 Sam. 21:12, 13) [w05 3/15 axa 24 mm. 4]

9. Aleke Yonatan ƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ va dze nyuie le eƒe nuwɔna me esime wòva hiã be wòanɔ exɔlɔ̃ David ƒe akpa dzi ahade dzi ƒo nɛ? (1 Sam. 23:17) [w07 9/15 axa 19, 20]

10. Nu kae nuŋlɔɖi si ku ɖe ŋɔliyɔla si gbɔ Saul yi le En-Dor ŋu la fia mí? (1 Sam. 28:8-19) [w05 3/15 axa 24 mm. 7]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe