INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/10 axa 2
  • Ehiã be Subɔla Kristotɔwo Nanɔ Gbe Dom Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ehiã be Subɔla Kristotɔwo Nanɔ Gbe Dom Ða
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 5/10 axa 2

Ehiã be Subɔla Kristotɔwo Nanɔ Gbe Dom Ða

1. Nu kae hiã hafi míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa ade goe?

1 Míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa ade goe le mía ɖokui si o. Yehowae doa ŋusẽ mí míewɔa subɔsubɔdɔa. (Flp. 4:13) Ezãa mawudɔlawo be woakpe ɖe mía ŋu míake ɖe ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la ŋu. (Nyaɖ. 14:6, 7) Yehowae nana nyateƒea ƒe ku si míeƒã hede tsii la tsina. (1 Kor. 3:6, 9) Ekema ɖe mele vevie be mí subɔla Kristotɔwo míaɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu oa?

2. Nu kawo ŋue míado gbe ɖa le?

2 Ðe Mía Ðokui Ta: Ele be míado gbe ɖa ɣesiaɣi si míedi be míaɖe gbeƒã. (Ef. 6:18) Nu kawo ŋue míado gbe ɖa le? Míate ŋu ado gbe ɖa be susu nyui nanɔ mía si ku ɖe anyigbamama si me míele dɔ wɔm le la me tɔwo ŋu, eye be dzi nanɔ mía ƒo míawɔ dɔa. (Dɔw. 4:29) Míate ŋu abia Yehowa be wòafia mɔ mí míake ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu, be míasrɔ̃ Biblia kpli wo. Ne aƒemenɔlaa bia nya mí la, míate ŋu ado gbe kpui aɖe ɖa le ta me abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖo eŋu wòasɔ. (Nex. 2:4) Míate ŋu abiae hã be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ atsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Yak. 1:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edzɔa dzi na Yehowa ne míezã nya siwo ɖee fia be míedaa akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye eƒe subɔlawo la ta.—Kol. 3:15.

3. Aleke gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta nana be gbeƒãɖeɖedɔa ɖea zɔe?

3 Ðe Ame Bubuwo Ta: Ele be míado “gbe ɖa ɖe [mía] nɔewo ta,” eye ne anya wɔ la, míayɔ hatisubɔlawo ŋkɔ le míaƒe gbedodoɖa me. (Yak. 5:16; Dɔw. 12:5) Ðe lãmegbegblẽ wɔe be mète ŋu le geɖe wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me oa? Ekema do gbe ɖa ɖe hawòti subɔla siwo le lãmesẽ me la ta be woawɔ geɖe. Nyae be gbe siwo nàdo ɖa ɖe wo ta la awɔ akpa vevi aɖe! Anyo hã be míado gbe ɖa be dziɖuɖumegãwo nagatsi tsitre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o, ale be mía nɔviwo “[nayi] edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me.”—1 Tim. 2:1, 2.

4. Nu ka tae wòle be míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa?

4 Gbeƒãɖeɖe nya nyuia le anyigba blibo la katã dzi la nye dɔ nyadri si míate ŋu awɔ le mía ɖokui si o. Eya ta ne míele “gbedodoɖa dzi ɖaa” la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ sia ade goe.—Rom. 12:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe