Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le May me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Ne mietrɔ le ɖetsɔlemetɔwo srãm kpɔ la, midze agbagba miasrã wo dometɔ siwo va Ŋkuɖodzia alo teokrasiwɔna bubuwo teƒe kpɔ, gake womedea ha kple hamea edziedzi o la hã kpɔ, eye miana Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa wo. Taɖodzinuae nye be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. June: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? July kple August: Míana axa 32 gbalẽ ɖe sia ɖe si sɔ, si le hamea si.