INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/10 axa 1-2
  • Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Gbeƒãɖeɖedɔa Me Tsonuwo​—‘Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe’
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Wɔ Wò Ŋutete Katã Le Gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ Gã La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 11/10 axa 1-2

Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe

1. Dɔ vevi kae le edzi yim?

1 Esi Yesu ɖi ɖase na Samaria nyɔnu aɖe megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” (Yoh. 4:35, 36) Gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ aɖe le edzi yim, eye Yesu kpɔ ale si woawɔ dɔ sia le xexea me godoo la do ŋgɔ. Togbɔ be Yesu le enɔƒe le dziƒo hã la, eƒe asi le nuŋeŋedɔa me va se ɖe egbea. (Mat. 28:19, 20) Nu kawoe ɖee fia be wole tsɔtsɔe dom dɔ sia esi wòyina eƒe nuwuwu?

2. Nu kawoe ɖee fia be wole tsɔtsɔe dom nuŋeŋedɔa le xexea me godoo?

2 Xexea Me Katã Ƒe Nuŋeŋedɔ: Le ƒe 2009 subɔsubɔƒea me la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eye míekpɔ gbeƒãɖela 32 ɖe 1000 ɖe sia ɖe dzi le xexea me godoo. Dukɔ siwo me woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le la kpɔ dzidziɖedzi 14 le alafa me. Aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wowɔ ɣleti sia ɣleti la wu 7,619,000—xexlẽme sia sɔ gbɔ wu gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake, eye efia be wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 500,000 kloe ɖe ƒe si do ŋgɔ nɛ tɔ dzi. Esi dɔa le ta kekem ɖe edzi le nuto geɖe me ta la, dukɔ geɖewo va le biabiam be woaɖo dutanyanyuigblɔla siwo de Gilead Sukua ɖe yewo. Le dukɔ geɖe me la, dɔa le ku geɖe tsem le teƒe siwo wodoa dutagbewo le. Edze ƒãa be Yehowa le tsɔtsɔe dom dɔa le nuŋeŋedɔa ƒe nuwuɣi sia me. (Yes. 60:22) Ðe nukpɔsusu nyui le asiwò ɖe ale si ‘agblea’ dzi le le wò anyigbamama me ŋua?

3. Nya ta kae ame aɖewo ate ŋu aƒo ku ɖe nuŋeŋe le woƒe anyigbamama me ŋu?

3 Nuŋeŋe Le Wò Anyigbamama Me: Ame aɖewo agblɔ be, “Nye anyigbamama metsea ku o.” Enye nyateƒe be edzena abe ɖe anyigbamama aɖewo tsea ku wu bubuwo ene; alo womegatsea ku abe tsã ene o. Eya ta ɖewohĩ Ðasefo aɖewo aƒo nya ta be nuŋeŋedɔa wu enu le nuto mawo me vɔ, eye be dɔ si dze ŋgɔ yewo fifia koe nye be yewoafɔ nuku ʋɛ siwo susɔ la. Nenemae wòle nyateƒea?

4. Nɔnɔme nyui kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eye nu ka tae?

4 Nuŋeŋedɔ ŋutɔŋutɔ biana be woawɔ dɔ sesĩe tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu. Kpɔ nuwɔwɔ kpata ƒe susu si dze le Yesu ƒe nya siawo me ɖa: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Yehowa, nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la, ye nana nukuawo tsina le ɣeyiɣi siwo wòdi me kple le teƒe siwo wòdi. (Yoh. 6:44; 1 Kor. 3:6-8) Ke dɔ kae wode míawo ya si? Biblia ɖo eŋu be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o.” (Nyagb. 11:4-6) Ɛ̃, esi nuŋeŋedɔa le eƒe nuwuwu gogom la, menye fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míana míaƒe asi nado agblɔ o!

5. Nu ka tae wòle be míayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe le anyigbamama siwo dze abe ɖe wometsea ku o ene la me?

5 Yi Nuŋeŋedɔa Dzi: Ne wokpea míaƒe anyigbamama ɖo edziedzi eye edze abe amewo meɖoa to mí o ene gɔ̃ hã la, susu nyui aɖe li si tae míawɔ dɔ dzonɔamemetɔe kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu. (2 Tim. 4:2) Zitɔtɔ siwo le xexea me vam la na be ame geɖewo le woƒe nɔnɔme trɔm eye wole woƒe etsɔme ŋu bum vevie wu. Esi sɔhɛwo le tsitsim la, woate ŋu akpɔe be ehiã be yewoadi dedienɔnɔ kple susu me ƒe akɔdzeanyi. Míaƒe veviedodonu hã aʋã ame bubuwo. Nyateƒee, ate ŋu adzɔ be ame siwo meɖoa to nya nyuia tsã o la nava ɖo to. Eye ehiã be míaxlɔ̃ nu ame siwo ɖoe koŋ gbe míaƒe gbedeasia la gɔ̃ hã.—Eze. 2:4, 5; 3:19.

6. Ne dɔwɔwɔ le míaƒe anyigbamama me sesẽ la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me?

6 Ne dɔwɔwɔ le míaƒe anyigbamama me sesẽ la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me? Ðewohĩ míate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo me tsɔ kpe ɖe aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu, abe ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo alo telefon dzi ɖaseɖiɖi ene. Alo míate ŋu azã ɖaseɖinya vovovowo ale be manye nya ɖeka koe míanɔ gbɔgblɔm ne míete ɖe amewo ŋu o. Míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu ale be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le fiẽsiwo alo ɣeyiɣi bubu siwo amewo tea ŋu nɔa aƒe me la me. Ðewohĩ míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ gbe bubu bene míate ŋu atsɔ nya nyuia ayi na ame geɖe wu. Míate ŋu akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Alo míate ŋu aʋu ayi nuto siwo me nuŋelawo mesɔ gbɔ ɖo o la me. Ne nukpɔsusu nyui le mía si ku ɖe nuŋeŋedɔa ŋu la, míadze agbagba akpɔ gome le dɔ vevi sia me bliboe ale si míate ŋui.

7. Ɣekaɣie wòle be míawɔ nuŋeŋedɔa ase ɖo?

7 Ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔa agbledelawo si be woaƒo woƒe nukuwo nu ƒu le nuŋeɣi, eya ta womewɔa alɔgblɔdɔ alo wɔa dɔ blewuu o, va se ɖe esime nuŋeŋea wu enu. Gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa hã bia nuwɔwɔ kpata nenema ke. Ɣekaɣie wòle be míawɔ nuŋeŋedɔa ase ɖo? Míawɔe le “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la katã va se ɖe “nuwuwu la.” (Mat. 24:14; 28:20) Abe Yehowa ƒe Subɔla vevitɔ la ene la, míedi be míawu dɔ si wode asi na mí la nu. (Yoh. 4:34; 17:4) Eya ta mina míayi edzi awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa kple dzonɔameme, dzidzɔ, kple nukpɔsusu nyuitɔ va se ɖe nuwuwu. (Mat. 24:13) Nuŋeŋedɔ la mewu enu haɖe o!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 2]

Nuŋeŋedɔ ŋutɔŋutɔ biana be woawɔ dɔ sesĩe tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe