Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Ƒe 2010 subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu ɖee fia be Yehowa le yayram ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzi. (Mat. 28:19, 20) Enye dzidzɔ na mí be míana mianya be míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye 104,050 le August me! Gbesiagbe mɔɖela 7,485 kpɔ gome le nuŋeŋedɔa me, eye esia hã nye agbɔsɔsɔ yeye. Míesrɔ̃ Biblia kple ame 326,791. Nɔviwo, miawoe wɔ dɔ loo!
Le ƒe 2010 ƒe subɔsubɔƒea me la, ame 7,136 ye xɔ nyɔnyrɔ, xexlẽme sia gbɔ ame siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si va yi me la tɔ ŋu kple 1,255 sɔŋ. Esia hã nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ. Esi míele dɔ dzi sesĩe le subɔsubɔƒe yeyea me la, míate ŋu akpɔ be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem míele ɖekae le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la dzi.