Agbalẽ Siwo Míazã Le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ Me!
1. (a) Ɣekaɣie agbalẽ siwo míava srɔ̃ le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me ƒe ɖoɖoa adze egɔme? (b) Agbalẽ gbadza kae míasrɔ̃ gbã, eye alekee wòakpe ɖe mía ŋu?
1 Tso March 14, 2011, ƒe kwasiɖaa me la, míasrɔ̃ agbalẽ bubu aɖewo ɖe wo nɔewo yome le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me. Le kwasiɖa 16 gbãtɔawo me la, míasrɔ̃ agbalẽ gbadza si nye Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku? Aʋatsodzixɔsewo kple alakpanyawo bɔ ɖe teƒe siwo amewo vɔ̃a ame kukuwo le. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ na ame kukuwo nye vɔvɔ̃ na nane si womenya o, le esi ame akpa gãtɔ mese nu si ku nye gɔme o ta. Nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku nyanya nana míevona tso vɔvɔ̃ sia me. (Yoh. 8:32) Agbalẽ sia sɔsrɔ̃ ana ale si míexɔ nyateƒe si ku ɖe kukuawo ŋu dzi se la me nagasẽ ɖe edzi, eye wòakpe ɖe mía ŋu míasu te nyuie wu be míaɖi ɖase tso “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ” sia ŋu na ame bubuwo.—1 Tim. 2:3, 4.
2. Nyabiase kawo ƒe ŋuɖoɖowoe míakpɔ le Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo agbalẽ gbadzaa me?
2 Le kwasiɖa 17 siwo akplɔe ɖo me la, míayi edzi adzro nu si Biblia fia ku ɖe nɔnɔme si me kukuawo le ŋu me, eye míazã Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo agbalẽ gbadzaa atsɔ awɔ esiae. Le Ɣetoɖoƒe Afrika afi sia kple xexea ƒe akpa bubuwo la, ame miliɔn geɖe xɔe se be, ne amewo ku la, woyia gbɔgbɔmexexe aɖe me, afi si wotea ŋu kpɔa nu siwo wɔm agbagbeawo le le anyigba dzi hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi le. Ðe dzixɔse sia nye nyateƒea? Ðe ame kukuwo le agbe nyateƒea? Ne menye nyateƒe o ɖe, ke ame kawoe wɔa wo ɖokuiwo be yewonye ame siwo ku ƒe gbɔgbɔwo? Nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔwo nyanya le vevie ale gbegbe. Míakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo le agbalẽ gbadza sia me.
3. Ðe taɖodzinu si tae wota agbalẽ si nye “Keep Yourselves in God’s Love.” (“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me.”) ɖo la me. Aleke agbalẽ sia akpe ɖe mía ŋu?
3 Ne míesrɔ̃ agbalẽ gbadza sia vɔ la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye “Keep Yourselves in God’s Love.” (“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me.”) Taɖodzinu ka tae wota agbalẽ sia ɖo? Dziɖuha la ɖe eme eme kɔ nyuie le lɛta si dze le agbalẽa ƒe ŋgɔgbekpaa megbe la ƒe nuwuwu ale: “Míele mɔ kpɔm vevie be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ agbe nɔm ɖe nyateƒea nu ale be nàdzra ɖokuiwò ɖo ɖe ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.’—Yuda 21.” Míakpɔ ale si míate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo, abe hadede, modzakaɖeɖe, bubudede ŋusẽwo ŋu, numame gbegblẽwo dzi ɖuɖu, srɔ̃ɖegbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple dekɔnuwo ene, me. Ne míeva nya Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo nyuie la, ana hehe míaƒe dzitsinya be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Ps. 19:8, 9) Ne míeva se ale si Yehowa bua nuwo ŋui gɔme nyuie la, míaɖo toe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, elabena enye míaƒe dzimedidi be míawɔ nu si dzea eŋu.—Lod. 27:11; 1 Yoh. 5:3.
4. Aleke míawɔ be agbalẽ siawo sɔsrɔ̃ nate ŋu aɖe vi na mí bliboe?
4 Ðoe Kplikpaa Be Yeakpɔ Gome Le Eme: Ne èdi be gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo le agbalẽ siawo katã me naɖe vi na wò bliboe la, kpɔ egbɔ be woƒe kɔpi le wò ŋutɔ asiwò. Srɔ̃ nua do ŋgɔ eye nàdzra ɖo be yeakpɔ gome le numedzodzroa me le hamea me. Va kpekpea ɣesiaɣi, eye nàde ŋugble tso ale si nàte ŋu awɔ nufiameawo ŋu dɔ le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ kple wò subɔsubɔdɔa me ŋu. Kakaɖedzitɔe la, woato agbalẽ gbadza eve siawo kpakple “God’s Love” (“Mawu Ƒe Lɔlɔ̃”) gbalẽa dzi anyi mí nyuie le gbɔgbɔ me, eye esia akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpa wu tsã be míawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu dɔ le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me, eye ‘míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.’—Yuda 21.