Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le May me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, mina trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? Eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, miyi ɖetsɔlemetɔ siwo va Ŋkuɖodzia alo teokrasiwɔna bubuwo teƒe kpɔ gake womedea ha kple hamea edziedzi o la hã gbɔ. Taɖodzinua ye nye be míazã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple wo. June: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. Ne agbalẽa le aƒemenɔlaa si xoxo eye medi be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu anae magazine alo agbalẽ gbadza xoxo ɖe sia ɖe si ƒo nu tso nya si me wòtsɔ ɖe le ŋu. July kple August: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si le hamea si.