Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Enye dzidzɔ na mí be míana mianya be wodze Hamemetsitsiwo Ƒe Sukua gɔme le Ghana le May me. Woawɔ sukua le teƒe vovovowo le dukɔa me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ asu hamemetsitsi siwo wu 8,000 siwo le Ghana la katã si be woade kwasiɖa ɖeka ƒe hehenasuku sia. Abe ale si wònɔ le dukɔ bubuwo me ene la, suku sia akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi ahawɔ dɔ bubu siwo wode wo si le hamea me la nyuie wu.—Yes. 48:17.