‘Mawu Ƒe Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ’
1. Nutome sue takpekpe si míawɔ le ƒe 2012 subɔsubɔƒea me la ƒe tanya ɖe, eye nu ka dzie wotui ɖo?
1 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã, Yehowa, ƒe ŋkɔ le mía ŋu! Mawu ŋutɔe tsɔ eƒe ŋkɔ ɖo mía ŋu, eye tso ƒe 1931 me koŋ dzi la, wotsɔa Mawu ƒe ŋkɔ tɔxɛ, Yehowa, dea dzesi mí Yehowa Ðasefowo. (Yes. 43:10) Mawu ƒe Tenuvi, Yesu, de bubu gãtɔ kekeake Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye wòhe susu yi edzi gbã le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me. (Mat. 6:9) Yesu ƒe nya siawo dzie wotu nutome sue takpekpe si míawɔ le ƒe 2012 subɔsubɔƒea me la ƒe tanya ɖo. Takpekpea ƒe tanyae nye “Mawu Ƒe Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ.”
2. Nya kawoe míele mɔ kpɔm be míase le takpekpea me?
2 Nya Kawoe Míase: Le Memleɖagbe la, woana nuƒo aɖe si ƒe tanyae nye, “To Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Dzi Nàna Woanya Mawu Ƒe Ŋkɔ”; woadzro nu si tae ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nye agbemedɔ si me dzidzeme le la me. Míase nuƒo kpui siwo ƒe tanya gãe nye, “Kpɔ Nyuie Be Nàgahe Vlodoame Ava Yehowa Ƒe Ŋkɔ Dzi O,” si akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ be mɔ̃ ene aɖewo, siwo ate ŋu aɖe mí bɔbɔe la, nagaɖe mí o. Woaɖo nyabiase siwo nye, Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe ne edze abe amewo metsɔa ɖe le gbedeasia me boo o ene? kple Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa wòatse ku? la ŋu le nuƒo si ƒe tanyae nye “Nu Si Ta Wòle Be Woakɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ Ŋuti” me. Le Kwasiɖagbe la, míase nuƒo kpui ene siwo ku ɖe ale si míate ŋu ato míaƒe tamebubu, nuƒoƒo, nyametsotsowo, kple agbenɔnɔ dzi akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋui la ŋu. Ame yeyewo akpɔ dzidzɔ ɖe dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Yehowa Akɔ Eƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu Le Harmagedon Me” koŋ ŋu.
3. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si, eye aleke takpekpea akpe ɖe mía ŋu?
3 Eteƒe madidi o, Yehowa atso akɔ eƒe ŋkɔa ŋu. (Eze. 36:23) Hafi ɣemaɣi naɖo la, wona mɔnukpɔkpɔ mí be míado nu siwo katã Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea tsi tsitre ɖi na la ɖe ŋgɔ. Míeka ɖe edzi be nutome sue takpekpe sia akpe ɖe mí katã ŋu be míawɔ dɔ vevi si wode mí ame siwo ŋu Mawu ƒe ŋkɔ le si la ade goe.