Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Enye dzidzɔ na mí be míekpɔ gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye 8,557. Gakpe ɖe eŋu la, enye dzidzɔ na mí be míana mianya be wowu Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku Fransegbe me tɔ gbãtɔ nu le Accra, eye wowɔ sukunuwuwɔna la le September 11 lia dzi. Nɔviŋutsu 26 siwo de sukua la tso Benin, Burkina Faso, Cote d’Ivoire, Mali, Niger, Senegal, kple Togo. Sukuviawo dometɔ 25 le subɔsubɔm abe gbesiagbe mɔɖela ene loo, alo mɔɖela vevi ene. Vavãe, gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ʋua mɔnukpɔkpɔ wɔnukuwo ɖi na ame le Yehowa subɔsubɔ me!