Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le February 27, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.
1. Ðe wòsɔ be woagblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna? (Yes. 30:18) [Jan. 9, w02 3/1 axa 30]
2. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si woxɔ nudzikpɔla ƒe dɔ si Sebna wɔna na Xizkiya la le esi la me? (Yes. 36:2, 3, 22) [Jan. 16, w07 1/15 axa 8 mm. 6]
3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si le Yesaya 37:1, 14-20 me ku ɖe ale si míakpɔ nɔnɔme donuxaxanamewo gbɔe la ŋu? [Jan. 16, w07 1/15 axa 9 mm. 1-2]
4. Aleke kpɔɖeŋu si wowɔ le Yesaya 40:31 la dea dzi ƒo na Yehowa subɔlawoe? [Jan. 23, w96 6/15 axa 10-11]
5. Amedzidzedze si ava kpuie ka tae Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya 41:14 la nyea dzideƒotsoƒe na mí etɔxɛe egbea? [Jan. 23, ip-2 axa 24 mm. 16]
6. Aleke míeɖenɛ fiana Yehowa be ‘míetia dzɔdzɔenyenye yome’? (Yes. 51:1) [Feb. 6, ip-2 axa 165 mm. 2]
7. Ame kawoe nye ‘ame geɖe’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 53:12 la, eye nu dodzidzɔname kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋui me? [Feb. 13, ip-2 axa 213 mm. 34]
8. Nu ka teƒe kpɔm Yehowa ƒe amewo le le ŋkeke mamlɛ siawo me, si woɖɔ le kpɔɖeŋumɔnu le Yesaya 60:17? [Feb. 20, ip-2 axa 316 mm. 22]
9. Nu kae “amenuveƒe” si wobia tso Yesu kple eyomedzelawo si be woaɖe gbeƒãe la nye? (Yes. 61:2) [Feb. 20, ip-2 axa 324-325 mm. 7-8]
10. Yehowa ƒe nɔnɔme nyui ka dzie Yesaya 63:9 me nyawo te gbe ɖo? [Feb. 27, w03 7/1 axa 19 mm. 22-23]