Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Gbeƒãɖelawo ate ŋu ana agbalẽ siwo gbɔna la dometɔ ɖe sia ɖe: Is There a Creator Who Cares About You?, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, alo The Bible—God’s Word or Man’s? March: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. April kple May: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, mina trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
◼ Woaƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖanuwuwu si akplɔ Ŋkuɖodzia ɖo la eye eƒe tanyae nye “Ðe Nuwuwua Gogo Wu Ale Si Nèsusuia?”
◼ Ɣesiaɣi si nèwɔ ɖoɖo be yeazɔ mɔ ayi dukɔ siwo ƒe ŋkɔ medze le subɔsubɔƒe yeyea ƒe akɔntabubua me o alo esiwo ƒe adrɛs medze le Yearbook yeyea ƒe axa mamlɛtɔ o la dometɔ aɖe me la, ele be nàbia nyatakakawo tso alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me gbɔ ale be nàte ŋu anya nu siwo ŋu wòahiã be nànɔ ŋudzɔ ɖo alo mɔfiame siwo koŋ dzi nàzɔ ɖo. Ate ŋu anye be woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒedɔa nu le mɔ aɖe nu le dukɔ ma me. (Mat. 10:16) Le dukɔ aɖewo me la, masɔ be amedzrowo nanɔ Ðasefo siwo le dua me, alo woƒe hamewo, ta biam o. Alɔdzedɔwɔƒea agate ŋu ana mɔfiame bubuwo wò ku ɖe ale si nàwɔ aɖi vomeɖase alo atsɔ agbalẽ aɖewo ɖe asii la ŋu. Ne èwɔ ɖe mɔfiame siwo wona wò dzi la, àƒo asa na kuxiwo hehe va ɖokuiwò alo Fiaɖuƒedɔ si wɔm wole le dukɔ ma me dzi dzodzro.—1 Kor. 14:33, 40.