Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Mina Naka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. April kple May: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia la, mina trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. June: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Yawoɖagbe, April 5, 2012, dzi. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpe aɖe le Yawoɖagbe la, ele be miatrɔ kpekpea ayi ɖe gbe bubu gbe le kwasiɖaa me ne Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti avo. Ne esia manya wɔ o evɔ Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa aɖewo ku ɖe miaƒe hamea ŋu la, miate ŋu awɔ ɖoɖo woadzro wo me le Subɔsubɔ Kpekpe bubu me.
◼ Míadzro Young People Ask ƒe video eveawo siwo ƒe tanyawoe nye How Can I Make Real Friends? kple What Will I Do With My Life? me le Subɔsubɔ Kpekpe aɖewo siwo gbɔna me. Ne miehiã video siawo la, ke midɔ wo kaba to hamea dzi.