Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
Hati Yehowa Ðasefo lɔlɔ̃tɔwo:
Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be míaŋlɔ agbalẽ na mi, Yehowa subɔla wɔnuteƒe lɔlɔ̃awo, mi ame siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn adre fifia. Ne miedo go haxɔsetɔ aɖe si tso xexea ƒe akpa bubu la, miaƒe dzi kuna ɖe eŋu etɔxɛ enumake. (Yoh. 13:34, 35) Ðikeke mele eme o be, ne èxlẽ Ƒegbalẽ sia la, ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo ɖe nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu siwo le dukɔ vovovowo me ƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ fia la agana wò dzi naku ɖe wo ŋu vevie nenema ke.
Nyatakaka siwo míexɔ tso xexea ƒe akpa vovovowo la ɖee fia be mia dometɔ geɖewo wɔ ɖoɖo wɔa Ƒometadedeagu edziedzi. Mi dzila siwo si ɖevi dzaawo le la miewɔa aɖaŋudzedze geɖe ŋu dɔ tsɔ naa ɖeviawo ƒe susu nɔa nusɔsrɔ̃a ŋu. (Ef. 6:4) Esi ɖoɖo sia naa atsu kple asiwo tua wo nɔewo ɖo ta la, ena be wova le tetem ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli wu tsã. (Ef. 5:28-33) Vavãe, Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ tsitotsito ƒe ɖoɖo sia le vi ɖem na ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo ŋutɔ.—Yos. 1:8, 9.
Míesea veve ɖe mi ame siwo kpe fu le dzɔdzɔmefɔku siwo dzɔ nyitsɔ laa ta la nu vevie. Míedi be míawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ ada akpe na mia dometɔ geɖe siwo tso kpla hekpe asi ɖe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo ŋu le xaxaɣi mawo la. (Dɔw. 11:28-30; Gal. 6:9, 10) Gakpe ɖe eŋu la, le hame ɖe sia ɖe me la, mia dometɔ geɖe miekpɔa mía nɔviwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo dzea sii eye mietsona le mia ɖokuiwo si naa kpekpeɖeŋu wo. Abe Dorkas si nɔ anyi le blema ene la, ‘dɔ nyui siwo miewɔna kple miaƒe nunana ame dahewo sɔ gbɔ.’ (Dɔw. 9:36) Kakaɖedzi nenɔ mia si be Yehowa dea dzesi esia eye aɖo eteƒe na mi ale si dze.—Mat. 6:3, 4.
Le dukɔ aɖewo me la, ame siwo dina ‘be yewoato sedede dzi awɔ fu mi’ la le afɔ tum miaƒe gomenɔamesiwo dzi. (Ps. 94:20-22, NW) Esi mienyae be Yesu gblɔ yometiti sia ŋu nya ɖi ta la, miele dzi dom dzinɔameƒotɔe eye mietsɔ Yehowa wɔ miaƒe sitsoƒee. (Yoh. 15:19, 20) Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, kakaɖedzi nenɔ mia si be míeɖoa ŋku mia dzi le míaƒe gbedodoɖawo me ɣesiaɣi esi mieyi edzi le agbagba dzem be “miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume” ta.—1 Pet. 3:13-15.
Míele mi ame miliɔn geɖeawo kafum vevie le esi mieyi edzi le agbe dzadzɛ nɔm ƒe sia ƒe, togbɔ be Satana to ayemɔ dzi le agbe ƒaƒã nɔnɔ dom ɖe ŋgɔ hã. Le ɣeyiɣi sia si me xexea ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo le to yim ɖe edzi me la, miele “ŋusẽ xɔm le Aƒetɔ la kple eƒe ŋutete ƒe ŋusẽ gã la me.” (Ef. 6:10) Miedo “aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la,” eye esia na mietsi tsitre sesĩe ɖe “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo” ŋu. (Ef. 6:11, 12) Minyae be miaƒe kpɔɖeŋu nyuiawo le kpekpem ɖe Yehowa ŋu wòle nya ŋu ɖom na Satana, ame si le alɔme ɖem le eŋu la, kakaɖedzitɔe!—Lod. 27:11.
Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míekpɔe be ame 19,374,737 sɔŋ ye de mía Aƒetɔ la ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 2011 me. Ale si mietsɔ mia ɖokuiwo na le agbɔsɔsɔ gã aɖe me hekpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ si míewɔ le ƒe si va yi ƒe April me la me hã wɔ akpe vevi aɖe be ame gbogbo mawo gbegbe de Ŋkuɖodzia. Ðasefo wɔnuteƒewo tsɔ nusɔsɔe kafu Yehowa eye anyigbadzinɔla miliɔn geɖewo se esia! (Rom. 10:18) Èɖanye ame 2,657,377 siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti ma me la dometɔ ɖeka loo alo èdze agbagba dzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi le mɔ aɖe nu o, ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe gbɔgbɔ si mi katã mieɖe fia kple miaƒe dzonɔameme ɖe dɔ ŋu na míaƒe dziwo yɔ fũu kple dzidzɔ.—Ps. 110:3; Kol. 3:23.
Le ƒe si va yi me la, ame yeye 263,131 ye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Míeda akpe na Yehowa ɖe esia ta, eye míeda akpe na mi katã be miewɔ ɖeka kpli mí míetsɔ amekpekpea le yiyim na ame sia ame be: “‘Va!’ Eye ame sia ame si le esem la negblɔ be: ‘Va!’ Eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.” (Nyaɖ. 22:17) Vevietɔ, esi míedzro Mawu Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ƒe akpa vovovoawo me le ƒe 2011 ƒe nutome gã takpekpewo me vɔ la, míele gbɔgblɔm tso dzi blibo me be: “Mawu Fiaɖuƒea Neva!” Kakaɖedzinya si Yesu gblɔ be “megbɔna kaba” la ʋã mí míewɔ ɖeka kple apostolo Yohanes tso dzi blibo me le gbɔgblɔm kple nusɔsɔe be: “Amen! Aƒetɔ Yesu, va.”—Nyaɖ. 22:20.
Esi mieyi eyi le ŋudzɔ ɖe nu wɔdɔɖeamedzi ma ƒe dzɔdzɔ ŋu la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mika ɖe edzi be míelɔ̃ mia dometɔ ɖe sia ɖe vevie, le esi mieyi edzi le lɔlɔ̃ si le mia si na Yehowa la ɖem fia le “nuwɔna kple nyateƒe” me ta!—1 Yoh. 3:18.
Mia nɔviwo,
Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha