INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/12 axa 4
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 6/12 axa 4

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le June me: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. Ne agbalẽa le aƒemenɔlaa si xoxo eye medi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu ana magazine xoxo aɖe alo agbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si ƒo nu tso nya si me wòtsɔ ɖe le ŋu lae. July kple August: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. September: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.

◼ Ne èle Nyabiaɖakaa ƒe nyatia me ɖem la, taflatsɛ, te gbe ɖe edzi be, ne nɔvi aɖe di be woatsɔ yeƒe nunɔamesi aɖe ana habɔbɔa la, ele vevie be wòaŋlɔ habɔbɔ si kluvi nuteƒewɔla la zãna le se nu la ƒe ŋkɔ nyuie vodadamanɔmee. Le Ghana la, eyae nye Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana. Eye ne etia ame aɖe be wònye domenyinumala la, anyo be wòawɔ ga ƒe ɖoɖo aɖe si wòatsɔ akpɔ eƒe dɔa ŋuti gazazãwo gbɔ la ɖi nɛ eye wòaɖe eme le domenyinumagbalẽa me.

◼ Ne wole magazinenana ƒe wɔwɔfiawo wɔm le Subɔsubɔ Kpekpe alo kpekpe hena gbeadziyiyi me le hame siwo doa mía degbewo me la, ele be woazã magazine siwo le wo degbe me, ne woli. Esia ana kpekpea naɖe vi na gbeƒãɖelawo geɖe wu, eye wòade dzi ƒo na wo be woanɔ agbalẽ nyui siawo zãm.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe