INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/12 axa 8
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 7/12 axa 8

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le July me: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. August: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. September kple October: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.

◼ Woɖe Sing to Jehovah—Vocal Renditions, Disc 5 ɖe go, eye woadae ɖe jw.org Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea tso August 1 dzi be miate ŋu awɔ eƒe kɔpi. Eŋlisigbe me tɔ ye woada ɖe afi ma gbã, eye emegbe hafi woava da gbe bubuwo me tɔwo hã ɖe Internet la dzi. Miate ŋu adɔ eƒe CD-wo to miaƒe hamea dzi. Esi wònye be ga si wozãna ɖe nu siwo wolé ɖe Internet dzi ƒe kɔpi wɔwɔ ŋu la ɖiɖi sãsãsã wu esi wozãna hena CD ŋutɔŋutɔ wɔwɔ kple wo ɖoɖoɖa ta la, míele dzi dem ƒo na ame siwo ate ŋu awɔ kɔpiawo tso Internet dzi la be woawɔe nenema. Taflatsɛ mide dzesii be disk 1-4 li xoxo.

◼ Enye dzidzɔ na mí be míana mianya be Dziɖuha la da asi ɖe edzi be eteƒe madidi o woawɔ Bibliasrɔ̃sukuwo le Twigbe kple Eŋlisigbe siaa me. Esia fia be nɔviŋutsu kple srɔ̃tɔ siwo abia be yewoade Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku kple Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku la ate ŋu atia gbe si me wodi be yewoadee le, eɖanye Eŋlisigbe alo Twigbe o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe