Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le August me: Mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. September kple October: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. November: Mina trakt ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa, si le hamea si. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa.
◼ Tso September me la, dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔlawo aƒo la ƒe tanyae nye “Zɔzɔ Kple Mawu Hea Yayrawo Vanɛ Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me.”