Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le October 29, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.
1. Nu ka ƒe kpɔɖeŋue vɔsamlekpui si Xezekiel kpɔ le ŋutegaa me nye? (Eze. 43: 13-20) [Sept. 10, w07 8/1 axa 10 mm. 4]
2. Nu kae Xezekiel ƒe ŋutegaa me tɔsisia me tsia le tsitre ɖi na? (Eze. 47: 1-5) [Sept. 17, w07 8/1 axa 11 mm. 1]
3. Nu kae nyagbɔgblɔ si nye “ɖo ɖe ta me” ɖe fia ku ɖe gbɔgbɔmenufiame siwo Daniel xɔ le eƒe ɖevime la ŋu? (Dan. 1:8) [Sept. 24, dp axa 33-34 mm. 7-9; axa 37 mm. 16]
4. Nu kae ati kɔkɔ si Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃ea me la le tsitre ɖi na? (Dan. 4:10, 11, 20-22) [Oct. 1, w07 9/1 axa 18 mm. 5]
5. Nu kae Daniel 9:17-19 fia mí ku ɖe gbedodoɖa ŋu? [Oct. 8, w07 9/1 axa 20 mm. 5-6]
6. Nu kae ‘wobla sesĩe kple ame geɖewo’ va se ɖe kwasiɖa 70 lia ƒe nuwuwu, si nye ƒe 36 M.Ŋ. me? (Dan. 9:27) [Oct. 8, w07 9/1 axa 20 mm. 4]
7. Nya ta kae míate ŋu aƒo tso nya si mawudɔlaa gblɔ na Daniel be “Persia-fiaɖuƒe la ƒe amegã” nɔ te ɖe ye nu ŋkeke blave vɔ ɖekɛ sɔŋ la ŋu? (Dan. 10:13) [Oct. 15, w11 9/1 axa 8 mm. 1-2]
8. Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia la ŋu kae va eme le Daniel 11:20 ƒe nya nu? [Oct. 15, dp axa 232-233 mm. 5-6]
9. Le Hosea 4:11 ƒe nya nu la, afɔku siwo le aha tsu nono me la dometɔ ɖeka ɖe? [Oct. 22, w10 1/1 axa 4-5]
10. Nu vevi kae wòle na mí be míasrɔ̃ tso Hosea 6:6 me? [Oct. 22, w07 9/15 axa 16 mm. 8; w05 11/15 axa 24 mm. 11-12]