Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 31, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me le sukua me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.
1. Aleke nyagblɔɖi si le Yoel 2:1-10, 28 si ku ɖe nugbagbeviwo ƒe ƒoƒoɖi ŋuti la va eme? [Nov. 5, w07 10/1 axa 13 mm. 1]
2. Ame kawo dzie Amos 8:11 le eme vam ɖo, eye nyabiase kae wòle be míabia mía ɖokui le esi gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe su míawo ya si? [Nov. 12, w04 11/15 axa 25 mm. 21-22]
3. Nu kae wɔe be Edomtɔwo na woƒe dzi ƒe dada ble wo, eye nyateƒenya kae mele be míaŋlɔ be gbeɖe o? (Obad. 3, 4) [Nov. 19, w07 11/1 axa 14 mm. 1]
4. Mɔ ka nue vɔ̃ si Yehowa gblɔ be yeawɔ Niniwetɔwo la vee le? (Yona 3:8, 10) [Nov. 19, w07 11/1 axa 15 mm. 1]
5. Aleke ‘míezɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me’? (Mixa 4:5) [Nov. 26, w08 10/15 axa 21 mm. 3]
6. Kakaɖedzi kae nyagblɔɖi si le Naxum 2:7-11 la me vava na mí? [Dec. 3, w07 11/15 axa 9 mm. 2; w88-E 2/15 axa 28 mm. 7]
7. Gɔmesese kae le Xagai 1:6 ŋu, eye nufiame vevi kae le eme na mí? [Dec. 10, w06 4/15 axa 22 mm. 12-15]
8. Aleke míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si le Zaxarya 7:10 si gblɔ be “migaɖo tame vɔ̃ ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe dzi me o” la ŋu dɔ? [Dec. 17, w07 12/1 axa 11 mm. 2]
9. Nu ka tae Zaxarya 4:6, 7 faa akɔ na Yehowa subɔlawo egbea? [Dec. 17, w07 12/1 axa 11 mm. 1]
10. Le nya si le Maleaxi 3:16 nu la, nu ka tae mele be míaɖe mɔ gbeɖe be naneke nagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me o? [Dec. 31, w07 12/15 axa 29 mm. 3]