Nu Kae Nàwɔ Le Azãɖugbewo?
Esi ame akpa gãtɔ nɔa aƒe me le dukɔa ƒe azãwo kple subɔsubɔzãwo ɖugbewo ta la, wonyea ɣeyiɣi siwo sɔna na gbeadziyiyi zi geɖe. Wole dzi dem ƒo na hamewo be woawɔ ɖoɖo tɔxɛwo ɖe ɖaseɖiɖi le azãɖugbewo ŋu. Ne nutoa me tɔ geɖe mafɔ kaba le aba dzi le ŋkeke mawo dzi o la, ke anyo be míatrɔ asi le game si míawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu. Miate ŋu aɖe gbeƒã ɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ ɖe ɖaseɖiɖi le azãɖugbewo ŋu na hamea le Subɔsubɔ Kpekpea me ahade dzi ƒo na nɔvi siwo katã ate ŋui la be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe eme. Enye nyateƒe be azãɖugbewo nyea ɣeyiɣi siwo me míate ŋu aɖi ɖe eme alo akpɔ míaƒe hiahiã aɖewo gbɔ ya. Gake ɖe manyo be míazã ŋkekea ƒe akpa aɖe atsɔ ayi gbeadzi oa? Ekema míakpɔ dzidzɔ si dona tso subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me.—Mat. 11:29, 30.