INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/14 axa 4
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 9/14 axa 4

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le September kple October me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. November kple December: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo trakt siawo dometɔ ɖe sia ɖe: Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? (T-30), Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme? (T-31), Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? (T-32), Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum? (T-33), Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? (T-34).

◼ Woaƒo ƒe 2015 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le April 6 ƒe kwasiɖaa me. Míana mianya nuƒoa ƒe tanya emegbe. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo be woayi takpekpe le kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si akplɔ ema ɖo me. Mele be hame aɖeke naƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 6 o.

◼ Tso September dzi la, dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔlawo aƒo la ƒe tanyae nye “Ale Si Mawumenunya Ðea Vi Na Míi.”

◼ Mitrɔ asi le kwasiɖa domedome kpekpe si miawɔ le kwasiɖa si do ŋgɔ na esi me miade miaƒe nutome gã takpekpea le la ŋu be miagadzro takpekpea ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ŋkuɖodzinya siwo le April 2014, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me kple esi le August 3, 2013, ƒe lɛta si woŋlɔ na hamewo katã si ku ɖe nu siwo míawɔ be míagadze afɔku le míaƒe tadedeaguƒewo o ŋu la me. Ɣleti ɖeka alo eve le takpekpea dede megbe la, miate ŋu azã akpa si nye miaƒe nuhiahiãwo atsɔ adzro takpekpea me nya vevi siwo gbeƒãɖelawo kpɔ be wole vi ɖem na yewo le subɔsubɔdɔa me la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe