Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Le Kwasiɖa, February 15, 2015 dzi la, míewɔ takpekpe tɔxɛ aɖe, si me habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã teƒenɔla ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Dzidodo Si Ŋu Mawu Kpɔa Ŋudzedze Ðo,” eye ame 45,885 sɔŋ ye de.
Ame 9,338 kpe ta le Accra Takpexɔa me, eye ame 28,220 siwo kpe ta le takpekpewɔƒe adre bubuwo kple ame siwo ade 8,327 siwo kpe le Fiaɖuƒe Akpata 31 me la se takpekpea me nyawo hekpɔ wɔnawo hã to videokadodo dzi. Esiae nye zi gbãtɔ si amewo se takpekpe me nyawo hekpɔ wɔnawo hã to videokadodo dzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me, si wɔe be wɔna tɔxɛ sia ɖe vi na nɔvi gbogbo aɖewo le Ghana. Yehowa ƒe habɔbɔa le mɔ̃ɖaŋununya ŋu dɔ wɔm le mɔ wɔnukuwo nu, esi Yehowa le eƒe amewo nu ƒom ƒu “ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene.”—Mika 2:12.