Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Hehe Biblia Nusrɔ̃viwo Be Nusɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Nyui Nanɔ Wo Si
Nu Si Ta Wòle Vevie: Hafi Biblia nusrɔ̃viwo nate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me la, ehiã be woanɔ Mawu ƒe Nya la me nuɖuɖu sesẽwo ɖum be wòado ŋusẽ woƒe susu kple dzi ke menye gɔmedzenufiafiawo ɖeɖe ko o. (Heb. 5:12–6:1) Nusɔsrɔ̃ bia kutrikuku. Ebia be woatsɔ nu yeye siwo srɔ̃m wole la anɔ sɔsɔm kple nu siwo ame nya xoxo eye woade dzesi mɔ siwo nu nu yeye siawo aɖe vi na ame le. (Lod. 2:1-6) Ne nusrɔ̃viwo srɔ̃ ale si woawɔ numekukui la akpe ɖe wo ŋu woate ŋu azã Biblia alo míaƒe agbalẽwo atsɔ akpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo alo esiwo amewo abia wo. Eye agbagba siwo woadze be yewoatsɔ nu siwo srɔ̃m yewole ade dɔwɔwɔ me la akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe tetekpɔ siwo woado goe esi wonye Kristotɔwo ta la nu.—Luka 6:47, 48.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne miesrɔ̃ memama siwo le tanya sue aɖe te alo ta aɖe vɔ la, bia wò Biblia nusrɔ̃via ne wòaƒo nu tso nu siwo wòsrɔ̃ la ŋu kpuie. Ne nusrɔ̃vi mele asiwò o la, ekema ne èxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe alo Gbetakpɔxɔ aɖe la, dze agbagba be nàto nu siwo nèsrɔ̃ la ɖe eme be wòakpe ɖe ŋuwò be nu siwo nèxlẽna la gɔme sese naganyo ɖe edzi.