Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le October me: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. November kple December: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo trakt siwo gbɔna dometɔ ɖe sia ɖe: Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? (T-30), Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme? (T-31), Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? (T-32), Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum? (T-33), Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? (T-34), Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? (T-36). January: Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Ðo To Mawu, alo Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemetsitsiwo be ƒe sia ƒe la, woazã akpa si nye miaƒe nuhiahiãwo le Subɔsubɔ Kpekpea me ƒe ɖeka atsɔ adzro January 6, 2012 ƒe lɛta si ƒo nu tso ale si woadzra ɖo ɖe afɔku ŋu la me nya veviwo me.
◼ Mitrɔ asi le kwasiɖa domedome kpekpe si miawɔ le kwasiɖa si do ŋgɔ na esi me miade miaƒe nutome gã takpekpea ŋu be miakpɔ video si ku ɖe “Takpekpea Ƒe Ŋkuɖodzinyawo” ŋu. Dzro takpekpea ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ŋkuɖodzinya siwo le videoa me kple August 3, 2013, ƒe lɛta si woŋlɔ na hamewo katã si ku ɖe nu siwo míawɔ be míagadze afɔku le míaƒe tadeaguƒewo o ŋu la me. Ɣleti ɖeka alo eve le takpekpea dede megbe la, miate ŋu azã akpa si nye miaƒe nuhiahiãwo atsɔ adzro takpekpea me nya vevi siwo gbeƒãɖelawo kpɔ be wole vi ɖem na yewo le gbeƒãɖeɖedɔa me la me.